1 Kronika 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yoab Kɔ Amoritɔwo ƒe du Raba. 1 Esi ƒe trɔ, eye fiawo ƒe aʋahoɣi do edzi la. Yoab kplɔ aʋakɔ la, eye woɖagblẽ Amon-viwo ƒe anyigba, eye wòva ɖe to ɖe Raba; ke Dawid tsi Yerusalem. Eye Yoab si Raba, eye wògbãe. 2 Tete Dawid xɔ woƒe fia ƒe kuku le eta, eƒe kpekpeme le sika talento ɖeka, eye kpe xɔasia ɖe le eŋu, eye Dawid tsɔe ɖɔ, eye wòhe aboyonu tso dua me gbɔe kpaŋkpaŋ. 3 Ekplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo, luƒotasiadamdɔwo kple fíadɔwo nu. Alea Dawid wɔ Amon-viwo ƒe duwo katãe, eye Dawid kple aʋakɔ blibo la gbugbɔ va Yerusalem. Woɖu Filistitɔwo dzi zi etɔ̃. 4 Eye wogawɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gezer. Ɣemaɣi Xusatitɔ Sibexai wu Sipai, amesi tso ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dome, eye wobɔbɔ wo ɖe anyi. 5 Emegbe wogawɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye Elxanan, Yair-vi, wu Goliat nɔvi Lami tso Gat, amesi ƒe akplɔti le abe abaladoti ene. 6 Eye wogawɔ aʋa le Gat. Ame dzɔtsua ɖe to asi ade kple afɔ ade, wo katã le blave vɔ ene; eya hã tso ame dzɔtsuwo ƒe ƒome me. 7 Eye wòdu fewu le Israel ŋu, tete Dawid nɔvi, Simea vi Yonatan, wui. 8 Amesiawo tso ame dzɔtsuwo ƒe ƒome le Gat, eye wotsi Dawid kple eƒe dɔlawo si me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana