1 Kronika 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob kple Yuda-viwo. 1 Israel viwo nye si: Ruben, Simeon, Lewi kple Yuda, Isaxar kple Zebulon, 2 Dan, Yosef kple Benyamin, Naftali, Gad kple Aser. 3 Yuda viwo nye: Ger, Onan kple Sela; wo ame etɔ la Sua vinyɔnu, Kanaan-nyɔnu la, dzi nɛ. Ke esi Yuda ƒe ŋgɔgbevi Ger ƒe nu medze Yehowa ŋu o la, ewui. 4 Eye lɔ̃xoa Tamar dzi Perez kple Zerax nɛ. Yuda viwo katã le wo ame atɔ̃. 5 Perez viwo nye: Xezron kple Xamul. 6 Zerax viwo nye: Zimri, Etan, Heman, Xalkol kple Dara; wole ame atɔ̃. 7 Karmi vi nye: Axan, amesi he dzɔgbevɔ̃e va Israel dzi, le esi wòtsɔ busunuawo ƒe ɖe ta. 8 Etan vi nye: Azarya. 9 Xezron ƒe vi, siwo wodzi nɛ, wonye: Yeraxmeel, Ram kple Kelubai. 10 Ram dzi Aminadab, eye Aminadab dzi Naxeson, amesi nye Yuda-viwo ƒe amegã 11 Naxeson dzi Salma, Salma dzi Boas, 12 Boas dzi Obed, Obed dzi Isai. 13 Isai dzi Eliab, amesi nye eƒe ŋgɔgbea, evelia nye Abinadab, etɔ̃lia nye Simea, 14 enelia nye Netaneel, atɔ̃lia nye Radai, 15 adelia nye Ozem, adrelia nye Dawid. 16 Wo nɔvinyɔnuwo nye Zeruya kple Abigail, eye Zeruya viwo nye Abisai, Yoab kple Asahel; wole wo ame etɔ̃. 17 Abigail dzi Amasa, eye Amasa fofo enye Ismaeltɔ Yeter. 18 Kaleb, Xezron vi, kple srɔ̃a Azuba kple Yeriot wodzi viwo: wo viawo nye esi: Yeser, Sobab kple Ardon. 19 Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat, eya dzi Xur nɛ. 20 Xur dzi Uri, eye Uri dzi Bezaleel. 21 Emegbe Xezron de asi Maxir, amesi nye Gilead fofo la ƒe vinyɔnu ŋu, eye woxɔe ɖe, esime wòxɔ ƒe blaade, eya dzi Segub nɛ. 22 Segub dzi Yair, amesi si du blave vɔ etɔ̃ no le Gilead-nyigba dzi. 23 Ke Gesuritɔwo kple Aramtɔwo xɔ Yair-kɔƒeawo le wo si hekpe ɖe Kenat kple eŋu kɔƒewo ŋuti, wole du blaade. Amesiawo katã nye Maxir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo. 24 Le Xezron ƒe ku megbe la Kaleb va Efrat. Xezron srɔ̃ ŋkɔ nye Abiya, eya dzi Asxur nɛ, amesi nye Tekoa fofo. 25 Eye Xezron ƒe ŋgɔgbevi Yeraxmeel viwo nye: Ram, eƒe ŋgɔgbevi, Buna, Oren, Ozem kple Axiya. 26 Eye srɔ̃ bubu ganɔ Yeraxmeel si, si ŋkɔ nye Atara; eya nye Onam dada. 27 Yeraxmeel ŋgɔgbevi Ram ƒe viwo nye: Maaz, Yamin kple Eker. 28 Onam viwo nye Samai kple Yada. Samai viwo nye: Nadab kple Abisur. 29 Abisur srɔ̃ ŋkɔ nye Abixail, eya dzi Axban kple Molid nɛ. 30 Nadab viwo nye: Seled kple Apayim; ke Seled medzi via ɖeke hafi ku o. 31 Apayim viwo nye: Yisi, eye Yisi vi nye Sesan, Sesan vi nye: Axelai. 32 Semai nɔvi, Yada ƒe viwo nye Yeter kple Yonatan; ke Yeter medzi via ɖeke hafi ku o. 33 Yonatan viwo nye Pelet kple Zaza. Amesiawo nye Yeraxmeel ƒe viwo. 34 Sesan medzi ŋutsuvia ɖeke o, negbe nyonuviwo ko. Ke kluvia ɖe nɔ Sesan si, amesi tso Egipte, eŋkɔ nye Yarxa. 35 Eye Sesan tso vianyɔnu na eƒe kluvi Yarxa wòɖe; eya dzi Atai nɛ. 36 Atai dzi Natan, eye Natan dzi Zabad 37 Zabad dzi Eflal, eye Eflal dzi Obed. 38 Obed dzi Yehu, eye Yehu dzi Azarya; 39 Azarya dzi Xelez, eye Xelez dzi Eleasa. 40 Eleasa dzi Sisemai, eye Sisemai dzi Salum. 41 Salum dzi Yekamya, eye Yekamya dzi Elisama. 42 Yeraxmeel nɔvi Kaleb ƒe viwo nye: eƒe ŋgɔgbea nye Mesa, eya nye Zif toto, kple Maresa, si nye Xebron lolo ƒe viwo. 43 Xebron viwo nye Korax, Tapuax, Rekem kple Sema. 44 Sema dzi Raxam, si nye Yorkeam fofo, eye Rekem dzi Samai. 45 Samai ƒe viŋutsu enye Maon, eye Maon enye Bet-Zur fofo. 46 Eye Kaleb ƒe ahiã Efa dzi Xaran, Moza kple Gazez; ke Xaran ye dzi Gazez. 47 Yadai viwo nye: Regem, Yotam, Gesan, Pelet, Efa kple Saaf. 48 Kaleb ƒe ahiã Maaxa dzi Seber kple Tirxana. 49 Eya kee dzi Saaf hã, amesi nye Madmana fofo, Sewa, si nye Maxbena kple Gibea fofo; eye Kaleb ƒe vinyɔnu enye Axsa. 50 Kaleb ƒe viwo nye esi: Efrata ƒe ŋgɔgbea Xur ƒe viwo nye: Sobal, si nye Kiryat-Yearim fofo; 51 Salma, si nye Betlexem fofo; Xaref, si nye Bet-Gader fofo. 52 Eye Kiryat-Yearim fofo Sobal ƒe viwo nye: Haroe kple Menuxottɔwo ƒe afã. 53 Kiryat-Yearim ƒe ƒomewo nye: Yitritɔwo, Putitɔwo, Sumatitɔwo kple Misraitɔwo. Woawo me Zoreatitɔwo kple Estaolitɔwo dzo tso. 54 Salma viwo nye: Betlexem, Netofatitɔwo, Atarot, Bet-Yoab kple Manatitɔwo ƒe afã, eya nye Zoreatitɔwo, 55 agbalẽŋlɔlawo ƒe ƒome, si le Yabez, Tiratitɔwo, Simatitɔwo kple Suxatitɔwo, amesiawo nye Kinitɔwo, amesiwo dzɔ tso Xamat, amesi nye Rexab ƒe aƒekɔ ƒe fofo la me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana