Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid bla hlɔ̃ Amonitɔwo, le esi wodo vlo eƒe ame dɔdɔwo ta.

1 Eye wòva me le nusiawo megbe be, Amon-viwo ƒe fia Naxas ku, eye via zu fia ɖe eteƒe.

2 Tete Dawid gblɔ bena: Mawɔ dɔmenyo na Naxas vi Xanun, elabena fofoa ve nunye. Eye Dawid dɔ amewo, be woaɖafa akɔ nɛ le fofoa ta. Ke esi Dawid ƒe dɔlawo va Xanun gbɔ le Amon-viwo ƒe anyigba dzi, be woafa akɔ nɛ la.

3 Amon-viwo ƒe amegãwo gblɔ na Xanun bena: Ɖe Dawid dɔ akɔfa-lawo ɖa, be woaɖe bubu fofowò ŋu na wò loo? Ke boŋ ɖe eƒe dɔlawo va, be woadzro anyigba la me, woatsa ŋku le edzi, ne woagblẽ.

4 Tete Xanun na wòlé Dawid ƒe dɔlawo, wolũ ge na wo, eye wolã woƒe awu ɖe domedo-mee ɖe agɔnu, eve wodo mɔ wo

5 Ke esi wova gblɔ ŋutsuawo ŋu nya na Dawid la edɔ ame woɖa-kpe wo, elabena wodo ŋukpe ŋutsuawo ŋutɔ, eye fia la gblɔ be; Mitsi Yerixo, vaseɖe esime miaƒe ge nato, hafi miegbɔ!

6 Esi Amon-viwo kpɔ be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Xanun kple Amon-viwo ɖo klosalo talento akpe ɖeka ɖa, ne wòaɖatsɔ aʋatasiaɖamwo kple sɔdolawo tso Mesopotamia, Aram-Maaxa kple Zoba.

7 Eye wotsɔ aʋa Maaxa-fia kple eƒe dukɔ hekpe ɖe tasiaɖam akpe blaetɔ̃ vɔ eve ŋu, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba ŋgɔ. Eye Amon-viwo tso woƒe duwo meva kpe ta, be woawɔ aʋa.

8 Esi Dawid see la, edɔ Yoab kple kalẽtɔwo ƒe aʋakɔ blibo la ɖa.

9 Tete Amon-viwo ho va dze aʋa ɖe du la ƒe agbo nu, eye fia, siwo va la, le aʋagbe dzi wo tɔ wo tɔe.

10 Ke esi Yoab kpɔ be, wodze aʋa ɖe ye ŋu le ŋgɔ kple megbe la, eɖe amewo le Israel ƒe ame baliawo katã dome, eye wòdze aʋa ɖe Aramtɔwo ŋu.

11 Eye wotsɔ aʋakɔ la ƒe susɔea de asi na nɔvia Abisai, ne woawo nadze aʋa ɖe Amon-viwo ŋu.

12 Eye wògblɔ bena: Ne Aramtɔwo sesẽ wum la, ekema nava xɔ nam, eye ne Amon-viwo sesẽ wu wò la, ekema mava xɔ na wò!

13 Lé dzi ɖe ƒo, eye na míasẽ ŋu na míaƒe dukɔ kple mía Mawu ƒe du la, eye Yehowa awɔ nusi dze eya ŋutɔ ŋu.

14 Ke esi Yoab kple aʋakɔ, si le eŋu la, yi ɖatɔ Aramtɔwo la, wòsi le wo nu;

15 eye esi Amon-viwo kpɔ be, Aramtɔwo si la, woawo hã si le nɔvia Abisai nu yi ɖage ɖe dua me, Ke Yoab trɔ gbɔ va Yerusalem.

16 Esi Aramtɔwo kpɔ be, Israel si yewo la, wodɔ ame woɖakplɔ Aramtɔ, siwo le tɔsisi la ƒe go keme dzi la vɛ, eye Hadadezer ƒe aʋafia Sofax enye wo kplɔla.

17 Eye wova gblɔe na Dawid, tete wòƒo Israel blibo la nu ƒu, eye woho tso Yordan hedze aʋa ɖe wo ŋu. Esi Dawid dze aʋa ɖe Aramtɔwo ŋu la, wowɔ aʋa kplii.

18 Ke Aramtɔwo si le Israel nu, eye Dawid wu tasiaɖam ŋu sɔ akpe adre kple afɔzɔla akpe blane le Aramtɔwo dome, eye wowu aʋafia Sofax hã

19 Esi Hadadezer ƒe dɔlawo kpɔ be, Israel si yewo la, wowɔ ŋutifafa kple Dawid, trɔ zu eteviwo, eye Aramtɔwo gbe be, yewomagakpe ɖe Amon-viwo ŋu azɔ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan