Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid xɔ sika, klosalo kple ga le aʋawɔwɔ me, eye wòtsɔe hena gbedoxɔ tutu. Dawid ƒe dɔwɔlawo kple nunɔlawo.

1 Eye wòva me le nusiawo megbe be, Dawid si Filistitɔwo, eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi, eye wòxɔ Gat kple eŋu duwo le Filistitɔwo si.

2 Esi Moabitɔwo, ale be Moabitɔwo zu Dawid teviwo, eye wodzo nu nɛ.

3 Dawid si Zoba-fia Hadadezer le Xamat, esime wòva, be yeado eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.

4 Eye Dawid xɔ eƒe tasiaɖam akpe ɖeka, eye wòlé sɔdola akpe adre kple afɔzɔla akpe blave; eye Dawid tu ata na sɔ, siwo katã wotsi ɖe tasiaɖam ŋu, negbe sɔ alafa ɖeka ko wòna wòkpɔtɔ ɖi.

5 Esi Aramtɔwo tso Damasko, be yewoaxɔ na Zoba-fia Hadadezer la, Dawid wu ame akpe blave vɔ eve le Aramtɔwo dome.

6 Eye Dawid ɖe amewo ɖo Aramtɔwo ƒe Damasko, eye Aramtɔwo zu Dawid teviwo hedzɔ nu nɛ. Ale Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.

7 Dawid xɔ sikakpoxɔnu, siwo le Hadadezer ŋu mewo si hetsɔ va Yerusalem.

8 Eye Dawid xɔ akɔbli geɖe ŋutɔ tso Tibxat kple Kun, siwo nye Hadadezer ƒe duwo me; woawoe Salomo tsɔ wɔ akɔbligazɔ la, sɔtiawo kple akɔblinuawoe.

9 Esi Xamat-fia Tou se be, Dawid si Zoba-fia Hadadezer ƒe aʋakɔ bliboa la,

10 etsɔ sika kple klosalo kpakple akɔblinu vovovowo de via Hadoram si ɖo ɖe fia Dawid, ne yeado gbe ne, eye yeadi dzɔgbenyuie nɛ, le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer, eye wòsii ta; elabena Tou kple Hadadezer wole ke me.

11 Eye fia Dawid kɔ woawo hã ŋu na Yehowa hekpe ɖe klosalo kple sika, siwo wòxɔ le dukɔwo katã si la ŋuti; exɔ wo le Edomtɔwo, Moabitɔwo, Amon-viwo, Filistitɔwo kple Amalekitɔwo si.

12 Abisai, Zeruya vi, wu Edomtɔ ame akpe wuienyi le dzeʋe la me,

13 eye wòɖe amewo ɖo Edom. Ale Edomtɔwo katã zu Dawid teviwo, eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu afisiafi, si wòyi.

14 Ale Dawid du fia ɖe Israel blibo la dzi, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple afiatsotso le esi na eƒe dukɔ blibo la.

15 Yoab, Zeruya vi, le aʋakɔ la nu, eye Yosafat, Axilud vi, nye fia ƒe tsiami;

16 Zadok, Axitub vi, kple Abimelex, Abyatar vi, wonye nunɔlawo, eye Sawsa enye agbalẽŋlɔla;

17 Benaya, Yehoyada vi, le Kretitɔwo kple Pletitɔwo nu, eye Dawid viŋutsuwo nye ame gbãtɔwo le fia ŋu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan