1 Kronika 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid di bena, yeatu gbedoxɔ, eye Mawu ɖo fiaɖuƒe mavɔ na eƒe ƒome. 1 Esime Dawid le eƒe fiasã me la, Dawid gblɔ na nyagblɔɖila Natan bena: Kpɔ ɖa, nye la mele sedertixɔ me, ke Yehowa ƒe nubablaɖaka ya le kuntruwo le. 2 Tete Natan gblɔ na Dawid bena: Nusianu, si le dzi me na wò la, wɔe, elabena Mawu li kpli wò. 3 Ke eva me le zã me be, Mawu ƒe gbe va Natan gbɔ bena: 4 Yi, nagblɔ na nye dɔla Dawid be: Ale Yehowa gblɔ esi: Menye wòe atu xɔ nam manɔ me o; 5 elabena tso gbesigbe mekplɔ Israel la, nyemenɔ xɔa ɖeke me vaseɖe egbe o, ke boŋ metsa tso agbadɔ me yi agbadɔ me, eye tso nɔƒe yi nɔƒe. 6 Afisiafi, si menɔ Israel blibo la dome to la, de megblɔ na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la, siwo medo, be woanyi nye dukɔ la dometɔa ɖe kpɔ be, nukaŋuti mietu sedertixɔa ɖeke nam oa? 7 Eyata ale nagblɔ na nye dɔla Dawid enye si: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Mekplɔ wo tso alẽwo yome le lãnyiƒe, be naɖu amegã ɖe nye dukɔ Israel dzi. 8 Menɔ anyi kpli wò le afisiafi, si neyi, eye metsrɔ̃ wò tutɔwo katã da le ŋgɔwò; eye mede ŋkɔ ŋuwò abe amegã, siwo le anyigba dzi la ƒe ŋkɔwo ene. 9 Mana nɔƒe nye dukɔ Israel, eye mana wòaɖo zunu anyi, be wòanɔ enɔƒe, eye magatsi dzi azɔ o, eye ame vɔ̃ɖiwo míagatsrɔ̃ wo abe tsã ene o, 10 eye abe le ɣeyiɣi, si me meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ Israel dzi la ene o. Mabɔbɔ wò futɔwo katã de anyi, eye mele gbe ƒã dem na wò be, Yehowa atso aƒe na wò. 11 Ne wò ŋkekewo de, nèyi fofowòwo gbɔ la, ekema mado wò dzidzimevi, si tso viwòwo dome la, yowòme, eye mali ke eƒe fiaduƒe. 12 Eya ava lu xɔ nam, eye mali ke eƒe fiazikpui tegbee. 13 Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye nyemana nye amenuveve nadzo le egbɔ, abe alesi mena wòdzo le ŋgɔwònɔla gbɔ ene o; 14 ke boŋ matsɔe ado nye aƒe kple nye fiaɖuƒe me tegbee, eye eƒe fiazikpui ali ke tegbee. Dawid do gbe ɖa. 15 Eye Natan ƒo nu kple Dawid le nyã siawo katã kple ŋutega blibo la nu pɛpɛpɛ. 16 Tete fia Dawid va bɔbɔ nɔ Yehowa ŋku me, eye wògblɔ bena: Yehowa Mawu, ameka menye, eye nuka nye aƒenye be, nèkplɔm vaseɖe fifi! 17 Oo Mawu, esia nye nu tsɛ le ŋkuwò me, hafi nègado nusi ava gbaɖegbe la ŋugbe ɖe wò dɔla ƒe aƒe ŋu, eye nèkpɔm, abe alesi amegbetɔ kpɔa nui enea? Yehowa Mawu, wò, amesi kɔm ɖe dzi! 18 Nya ka Dawid agagblɔ na wò akpe ɖe wò dɔla ƒe bubu la ŋu, elabena ènya wò dɔla. 19 Yehowa, le wò dɔla kple wò tamebubu la la nèwɔ nu gã siawo katã, be naɖe wò nutsuwɔwɔwo katã afia. 20 Yehowa, le nusiwo katã míese kple miaƒe towo nu la, amea ɖeke mede nuwò o, eye mawua ɖeke meli kpe ɖe ŋuwò o. 21 Dukɔ ka de wò dukɔ Israel nu, anyigba dzi dukɔ, si ɖeɖe ko mawua ɖe yi, be yeaɖee awɔ dukɔ na eɖokui, ne yeawɔ nu gã dziŋɔwo ahade ŋkɔ eɖokui ŋu, abe alesi nènyã dukɔwo le wò dukɔ, si neɖe tso Egipte la ŋgɔ ene? 22 Etsɔ wò dukɔ Israel wɔ dukɔe na ɖokuiwò tegbee, eye wò, Yehowa, nèzu woƒe Mawu! 23 Eyata Yehowa, nɔ nya, si nègblɔ ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la dzi tegbee, eye nawɔ, abe alesi nègblɔ ene! 24 Woaɖo ŋu ɖe wò ŋkɔ ŋu, eye woade du woahagblɔ be: Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, enye Mawu na Israel, eye wò dɔla Dawid ƒe aƒe li ke le ŋkuwò me! 25 Elabena wò, nye Mawue, gblɔe ɖe wò dɔla ƒe to me be, yele xɔ tu ge nɛ; eyata dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa le ŋkuwò me. 26 Azɔ Yehowa, wòe nye Mawu, eye nègblɔ nya nyui sia na wò dɔla; 27 eyata lɔ̃, ne nayra wò dɔla ƒe aƒe, ne wòanɔ ŋkuwò me tegbee, elabena ne wò Yehowa nèyra la, yayra la nɔa anyi tegbee! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana