Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid dzi kafukafuha le nubablaɖaka la tsɔƒe, eɖo amewo hena Mawu subɔsubɔ.

1 Eye wotso Mawu ƒe aɖaka la va dro ɖe agbadɔ, si Dawid tu nɛ la titina, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋku me.

2 Esi Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ vo la, eyra dukɔ la le Yehowa ƒe ŋkɔ me,

3 eye wòmã abolobɔbɔ, lãkɔ kple weintsetsebolo ɖekaɖeka na Israel-viwo dome amesiame, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.

4 Eye Dawid ɖe amewo tso Lewi-viwo dome, ne woasubɔ le Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, woaɖo ŋku Yehowa, Israel ƒe Mawu la dzi, woada akpe nɛ, eye woakafui

5 kple woƒe hadzinuwo, siwo nye saŋkuwo kple kasaŋkuwo; woawo nye Asaf, si nye tatɔ, eyometɔ nye Zaxarya, Yeiel, Semiramot Yexiel, Matitya, Eliab, Benaya, Obed-Edom kple Yeiel. Asaf ƒoa gakogoe sesĩe,

6 eye nunɔla Benaya kple Yexaziel wotsɔa kpẽwo nɔa Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ ɖaa.

7 Gbemagbe enye zi gbãtɔ, esi Dawid tsɔ akpedaha, si wòadzi na Yehowa la, de asi na Asaf kple nɔviawo:

8 Mida akpe na Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ! Miɖe gbe ƒã eƒe nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome!

9 Midzi ha ne, miƒo saŋku nɛ, eye miƒo nu le eƒe nukunuwo katã ŋuti!

10 Mitsɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ƒo adegbee, amesiwo dia Yehowa la ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ!

11 Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ ta se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa!

12 Miɖo ŋu eƒe nukunuwo, dzesiwo kple ʋɔnudɔdrɔ̃, si tso eƒe nu me,

13 mi eƒe dɔla Israel ƒe dzidzimeviwo, Yakob-viwo kple mi eƒe ame tiatiawo!

14 Eya, Yehowa, enye mía Mawu; eyae drɔ̃e ʋɔnu xexeame katã.

15 Miɖo ŋu eƒe nubabla, nya, si wògblɔ hena dzidzime akpewo la tegbee;

16 nusi wòbla kple Abraham kple atam, si wòka na Isak,

17 etsɔe wɔ ɖoɖo na Yakob, eye wòtsɔe wɔ nubabla na Israel tegbee

18 hegblɔ bena: Wòe matsɔ Kanaan-nyigba ana wòanye miaƒe domenyinu, si wodzidze;

19 afisi miele ʋee le, eye miaƒe xexlẽme mede naneke nu o, kple afisi míenye amedzroe le.

20 Eye esi wotsa tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ, tso fiaɖuƒe gbɔ yi dukɔ bubu gbɔ la,

21 mena amea ɖeke te wò ɖe anyi o, eye woawo ta wòhe to na fiawo ɖo.

22 Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ vɔ̃a ɖeke nye nyagblɔɖilawo o!

23 Anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa; miɖe gbe ƒã eƒe xɔxɔ la gbawotsyogbe!

24 Miƒo nu le eƒe ŋutikɔkɔe ŋu le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo ŋu le anyigbadzitɔwo katã dome.

25 Elabena Yehowa lolo, edze kafukafu ŋutɔ, eye vɔvɔ̃ le eŋu wu mawuwo katã.

26 Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye legbawo, ke Yehowa wo dziƒo.

27 Keklẽ kple atsyɔ̃ɖoɖo le egbɔ, eye ŋusẽ kple dzidzɔ le enɔƒe.

28 Mi dukɔwo ƒomeawo, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa. Yehowa ye miatsɔe na!

29 Mide bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, mitso nunanawo va eŋku mee, eye miɖo atsyɔ̃ kɔkɔe ade ta agu na Yehowa!

30 Anyigba blibo la ƒo kpakpakpa le eŋku me; ena anyigba li ɖi sesĩe, be megaʋã o.

31 Dziƒo nekpɔ dzidzɔ, anyigba netso aseye, eye woagblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia!

32 Atsiaƒu kple eme nuwo neɖe gbe, eye agble kple eme nuwo katã nekpɔ dzidzɔ.

33 Ekema avemetiwo atso aseye le Yehowa ŋku me, elabena egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba!

34 Mido akpe na Yehowa, elabena eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!

35 Eye migblɔ be: Wò Mawu, miaƒe xɔla, xɔ na mi, ƒo nua nu ƒu, eye ɖe mi tso dukɔwo si me, ne míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye miatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee!

36 Woakafu Yehowa Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Tete dukɔ blibo la gblɔ be: Nenɔ alea! Eye wokafu Yehowa.

37 Eye wòɖe Asat kple nɔviawo ɖo afima le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, ne woasubɔ gbesiagbe le aɖaka la ŋgɔ de ŋkeke sia ŋkeke ƒe ɖoɖo nu;

38 eɖo Obed-Edom, Yedutun vi, kple Xosa kpakple wo nɔvi blaade vɔ enyi wonye agbonudzɔlawo;

39 eye wòɖo nunɔla Zadok kple nɔvia, siwo nye nunɔlawo la, Yehowa ƒe nɔƒe la ŋgɔ le vɔsaƒe le Gibeon,

40 ne woasa numevɔ na Yehowa le numevɔsamlekpui la dzi ɖaa, ŋdi kple fiẽ, abe alesi woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe se la me na Israel ene;

41 eye Heman kple Yedutun kpakple ame tiatia susɔeawo, siwo ŋkɔ woŋlɔ la, kpe ɖe wo ŋu, ne wòadzi: „Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee!“

42 Wotsɔ kpẽwo, gakogoewo kple Mawu ƒe hadzinuawo na wo hena kpẽkulawo. Eye Yedutun viwo nye agbonudzɔlawo.

43 Esi dukɔ blibo la dome amesiame yi eƒe xɔnu la, Dawid trɔ, be yeaɖado gbe na eƒemetɔwo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan