Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wotsɔ nubablaɖaka la va eƒe teƒe.

1 Eye wòtu xɔwo na eɖokui ɖevi Dawid ƒe du la me, eye wòwɔ nɔƒe na Mawu ƒe aɖaka la, eye wòtu agbadɔ nɛ.

2 Emegbe Dawid de se be, amea ɖeke mekpɔ mɔ atsɔ Mawu ƒe aɖaka la o, negbe Lewi-viwo ko, elabena woawoe Yehowa tia, be woatsɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye woasubɔe tegbee.

3 Tete Dawid yɔ Israel blibo la va Yerusalem, ne woaɖatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava nɔƒe, si wòwɔ nɛ la.

4 Eye Dawid ƒo Aron-viwo kple Lewi-viwo nu ƒu.

5 Amesiwo tso Kehat viwo dome, wonye amegã Uriel kple nɔviawo, wole ame alafa ɖeka blave;

6 amesiwo tso Merari viwo dome, wonye amegã Asaya kple nɔviawo, wole ame alafa eve blave;

7 amesiwo tso Gerson viwo dome, wonye amegã Yoel kple nɔviawo, wole ame alafa ɖeka blaetɔ̃;

8 amesiwo tso Elizafan-viwo dome, wonye amegã Semaya kple nɔviawo, wole ame alafa eve;

9 amesiwo tso Xebron-viwo dome, wonye amegã Eliel kple nɔviawo, wole ame blanyi;

10 amesiwo tso Uziel viwo dome, wonye amegã Aminadab kple nɔviawo, wole ame alafa ɖeka kple wuieve.

11 Eye Dawid na woyɔ Zadok kple Abyatar, siwo nye nunɔlawo, kple Lewi-viwo Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab,

12 eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, miawo kple mia nɔviwò mikɔ mia ɖokui ŋu, eye miɖakɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la va teƒe, si mewo nɛ.

13 Elabena esi mieno eteƒe gbemagbe o la, eyata Yehowa, mía Mawu, ɖe ame le mía dome, elabena míebia gbee se, abe alesi dze ene o.

14 Tete nunɔla kple Lewi-viwo ko wo ɖokui ŋu, ne woaɖakɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la.

15 Eye Lewi-viwo tsɔ kpoawo kɔ Mawu ƒe aɖaka la ɖe woƒe abɔta, abe alesi Mose de se le Yehowa ƒe nya nu ene.

16 Eye Dawid gblɔ na Lewi-viwo ƒe amegãwo be, woaɖe wo nɔvi, siwo nye hadzilawo, ne woatsɔ hadzinuawo, siwo nye: saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo, eye woana dzidzɔha nade dzi.

17 Tete Lewi-viwo ɖe Heman, Yoel vi, woɖe Asaf, Berexya vi, tso nɔviawo dome kple Etam, Kusaya vi, tso nɔvia Merari-viwo dome;

18 eye wo nɔvi, siwo le ɖoɖo evelia me, kpe ɖe wo ŋu: Zaxarya, Yaaziel, Semiramot, Yexiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Malitya, Elitelehu, Mikneya, Obed-Edom kple Yeiel, amesiawo nye agbonudzɔlawo.

19 Hadzilawo Heman, Asaf kple Etan, woawoe ƒoa akɔbligakogoe la sesĩe,

20 eye Zaxarya, Aziel, Semiramot, Yexiel, Uni, Eliab, Maaseya kple Benaya wonye amesiwo ƒoa kasaŋku wòɖina abe ɖetugbiwo ƒe gbe ene;

21 eye Malitya, Elifelehu, Mikneya, Obed-Edom, Yeiel kple Azaz ya wonye amesiwo tso kasaŋku ka enyitɔ doa ha ɖae.

22 Wotsɔ Kenanya, Lewi-viwo ƒe amegã, ɖo agbatsɔtsɔ nu, elabena enya mɔnu le agbatsɔtsɔ ŋu.

23 Berexya kple Elkana wonye agbonudzɔlawo le aɖaka la gbɔ.

24 Sebanya, Yosafat, Netaneel, Amasai, Zaxarya, Benaya kple Eliezer wonye nunɔlawo, amesiwo kua kpẽ le Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye Obed-Edom kple Yexiya wonye agbonudzɔlawo le aɖaka la gbɔ.

25 Tete Dawid kple Israel-ame tsitsiwo kpakple ame akpewo ƒe tatɔwo woyi, be woaɖakɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple dzidzɔ tso Obed-Edom ƒe me.

26 Eye esi Mawu kpe ɖe Lewi-vi, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka ŋuti la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe.

27 Dawid kple Lewi-vi, siwo tsɔ aɖaka la, hadzilawo kpakple agbatsɔlawo kple hadzilawo ƒe tatɔ Kenanya wodo aklaladziwui, eye Dawid ɖo aklalakɔmewu.

28 Israel blibo la le aseye tsom, le kpẽ kple dze kum, le gakogoe ƒom, eye wole saŋku kple kasaŋku ƒom sesĩe hetso Yehowa ƒe nubablaɖaka la yii.

29 Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la ɖo Dawid ƒe dua me la, Mixal, Saul vinyɔnu, do ko ɖe fesre nu kpo alesi fia Dawid le kpo tim le ɣe ɖumee; tete woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan