Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid ƒe titina, srɔ̃awo kple viawo.

1 Tete Tiro-fia Xiram ɖo amewo, sedertiwo, gliɖolawo kple atikpalawo ɖe Dawid, ne woatu xɔ nɛ.

2 Eye Dawid dze sii be, Yehowa ye ɖo ye, be yeanye fia ɖe Israel nu, elabena eƒe fiaɖuƒe ŋkɔ de du le eƒe dukɔ Israel ta.

3 Ke Dawid gaɖe srɔ̃ ɖe dzi le Yerusalem, eye wògadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo.

4 Vi, siwo wodzi nɛ le Yerusalem la ƒe ŋkɔwo nye: Samua, Sobab, Natan, Salomo,

5 Yibxar, Elisua, Elpelet,

6 Noga, Nefeg, Yafia,

7 Elisama, Beelyada kple Elifelet.


Dawid ɖu Filistitɔwo dzi.

8 Esi Filistitɔwo se be, wòsi ami na Dawid heɖo fia ɖe Israel blibo la dzi la, Filistitɔwo katã ho, be yewoadi Dawid. Eye esi Dawid see la, eho yi wo kpe ge.

9 Ke Filistitɔwo va kaka ɖe Refaim-bali la me.

10 Tete Dawid bia nu Mawu be: Maho ɖe Filistitɔwo ŋua, eye atsɔ wo aɖe asi nama? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ho yi, eye matso wo ade asi na wò!

11 Woho yi Baal-Perazim, eye Dawid si wo le afima. Tete Dawid gblɔ be: Mawu dze nye futɔwo to nye asi dzi, abe alesi tɔ ŋɔa goe ene! Eyata wòna ŋkɔ teƒe ma be Baal-Perazim.

12 Ke wogblẽ woƒe mawuwo ɖe afima, eye Dawid de se wotɔ dzo wo.

13 Filistitɔwo gava kaka ɖe bali la me.

14 Tete Dawid gabia nu Mawu, eye Mawu ɖo ŋu nɛ be: Megaho dze wo yome o, ke boŋ trɔ ɖa le wo ŋu, eye nava tu wo le klẽtiawo kasa.

15 Eye ne enya se zi to klẽtiawo dome va yi ko la, ekema ho yi aʋa la nu, elabena Mawu ho dze ŋgɔwò, be wòasi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la.

16 Dawid wɔ, abe alesi Mawu de se nɛ ene, eye wòsi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la tso Gibeon vaseɖe Gezer.

17 Eye Dawid ƒe ŋkɔ nyo le anyigbawo katã dzi, eye Yehowa de vɔvɔ̃ eŋu na dukɔwo katã.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan