1 Kronika 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid yi ɖaxɔ nubablaɖaka, eye wotsɔe de Obed-Edom ƒe me. 1 Eye esi Dawid de adaŋu kple ame akpewo kple ame alafa wo ƒe tatɔwo kpakple amegãwo katã la, 2 Dawid gblɔ na Israel ƒe ameha blibo la bena: Ne edze mia ŋu, eye wòtso Yehowa, mia Mawu gbɔ la, ekema mina míado ame ɖe afiawo katã ɖe mía nɔvi, siwo kpɔtɔ ɖe Israel-nyigbawo katã dzi la gbɔ, hekpe ɖe nunɔlawo kple Lewi-viwo, si wo le woƒe lãnyiƒewo ƒe duwo me la gbɔ, ne woava kpe ta ɖe mía gbɔ, 3 ne míaɖakɔ mía Mawu ƒe aɖaka la ava mia gbɔe; elabena le Saul ŋɔli la míebia eta se kpɔ o. 4 Tete ameha blibo la gblɔ be, yewoawɔ nenema, elabena nya la dze dukɔ blibo la ŋu. 5 Eye Dawid yɔ Israel blibo la tso Egiptetɔwo ƒe Sixor vaseɖe Xamat, ne woaɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Kiryat-Yearim vɛ. 6 Tete Dawid kple Israel blibo la ho yi Baala, eya nye Kiryat-Yearim, si nye Yuda lɔ, ne woatsɔ Mawu Yehowa, amesi le Kerubiwo ta me, afisi woyɔa eƒe ŋkɔ le la ƒe aɖaka tso afima vɛ. 7 Ke wotsɔ Mawu ƒe aɖaka la ɖo tasiaɖam yeye dzi tso Abinadab ƒe me, eye Uza kple Axyo wole tasiaɖam la kplɔm. 8 Tete Dawid kple Israel blibo la le ɣe ɖum le Mawu ŋku me kple ŋusẽ katã ɖe hadzidzi, saŋku kple kasaŋku, asiʋui kple gakogoe kpakple kpẽwo ŋu. 9 Esi wova Kidon ƒe lugbɔƒe la, Uza do asi ɖa, be yealé aɖaka la, elabena nyiawo dze ɖe aga. 10 Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu, eye wòƒoe, le esi wòdo eƒe asi ɖa lé aɖaka la ta, eye woku le afima le Mawu ŋku me. 11 Eye wòve Dawid be, Yehowa ɖe Uza ɖa, eye wòna ŋkɔ teƒe ma be Perez-Usa, vaseɖe egbe. 12 Eye Dawid vɔ̃ Mawu gbemagbe hegblɔ bena: Aleke matsɔ Mawu ƒe aɖaka la ava gbɔnyee? 13 Eyata Dawid metsɔ aɖaka la va eɖokui gbɔ le Dawid ƒe du la me o, ke boŋ ena woɖadroe ɖe Gat vi Obed-Edom ƒe me. 14 Ale Mawu ƒe aɖaka la tsi Obed-Edom gbɔ le eƒe me dzinu etɔ̃, eye Yehowa yra Obed-Edom ƒe aƒe la kple eƒe nuwo katã. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana