Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid kpe ɖe ŋutsu aʋawɔlawo ŋu.

1 Amesiwo va Dawid gbɔ le Ziklag, esime wòle aʋasigbe me le Saul, Kis vi la nu, wonye esi; wole kalẽtɔawo dome hekpe ɖe eŋu le aʋa me;

2 wonye aŋutrɔdalawo, amesiwo nya ɖusiwɔwɔ kple miawɔwɔ le kpedada kple aŋutrɔdada me; wotso Benyamin-viwo, siwo nye Saul nɔviwò dome.

3 Tatɔ Axiezer kple Yoas, amesiwo nye Gibeatitɔ Hasmaa viwo; Yeziel kple Pelet, amesiwo nye Azmawet viwo: Beraxa kple Anatotitɔ Yehu;

4 Gibeonitɔ Yismaya, amesi nye kalẽtɔ le ame blaetɔ̃awo dome, eye wòle ame blaetɔ̃awo nu; Yeremya, Yaxaziel, Yoxanan kple Gederatitɔ Yozabad;

5 Eluzai, Yenmot, Bealya, Semarya, Xarutitɔ Sefatya.

6 Elkana, Yisiya, Azareel, Yoezer, Yasobeam, amesiwo nye Korax viwo,

7 Yoela kple Sebadya, amesiwo nye Yeroxam viwo tso Gedor.

8 Amesiwo ɖe wo ɖokui le Gad-viwo dome va Dawid gbɔ le mɔ̃ me le gbe dzi la, wonye ŋutsu kalẽtɔwo kple aʋamewo, amesiwo kplaa akpoxɔnu kple akplɔ, woƒe mo le abe dzata ƒe mo ene, eye woɖea abla le towo dzi abe ziwo ene:

9 Ezer enye tatɔ, evelia nye Obadya, etɔ̃lia nye Eliab,

10 enelia nye Mismana, atɔ̃lia nye Yeremya,

11 adelia nye Atai, adrelia nye Eliel,

12 enyilia nye Yoxanan, asiekelia nye Elzabad,

13 ewolia nye Yeremya, wuiɖekɛlia nye Maxbanai.

14 Amesiawo tso Gad-viwo dome, eye wonye aʋakɔ la ƒe tatɔwo, ame ɖagbitɔ ate ŋu akpe kple ame alafa, eye ame lolotɔ ate ŋu akpe kple ame akpe.

15 Woawoe tso Yordan le dzinu gbãtɔ me, esime wògbagba eƒe goawo katã, eye wonyã bali me nɔla, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, wòsi.

16 Eye esi amewo tso Benyamin-viwo kple Yuda-viwo dome va Dawid gbɔ̃ le mɔ̃ me la,

17 Dawid do yi wo gbɔ, eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Nenye ŋutifafa me mieva gbɔnye le, be miaxɔ nam la, ekema mawɔ ɖeka kpli mi tso dzi me, ke nenye ɖe miehe, yewoaɖe agɔnyeme ɖe go na nye ketɔwo, evɔ wònye vɔ̃a ɖeke mele asinye me o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu akpɔ me, eye woatso me!

18 Tete gbɔgbɔ la dze Amasai, si nye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ la dzi wògblɔ bena: Dawid, tɔwò míenye; Isai vi, dziwò míele! Ŋutifafa, ŋutifafa enye tɔwò, eye ŋutifafa nye amesi xɔ na wò la ta, elabena Yehowa, wò Mawu la, xa na wò! Tete Dawid xɔ wo, eye wòtsɔ wo ɖo tatɔwo ɖe aʋakɔwo nu.

19 Eye amea ɖewo tso Manase va Dawid gbɔ, esime eya kple Filistitɔwo ho aʋa ɖe Saul ŋu; ke mekpe ɖe wo ŋu o, elabena Filistitɔwo ƒe amegãwo bu lãme, eye woɖe asi le eŋu, elabena wobu be: ne edzo ɖade eƒe aƒetɔ dzi la, ekema míaƒe ta enye ekem tsi asi!

20 Esi wòva Ziklag la, amewo tso Manase va egbɔ: Adnax, Yozabad, Yediael, Mixael, Yozabad, Elihu kple Ziletai, woawo nye Manase ƒe ame akpewo ƒe tatɔwo.

21 Amesiawo xɔ na Dawid tso aʋakɔwo si me, elabena wo katã wonye ŋutsu kalẽtɔwo, eye wòzu aʋakɔ la ƒe amegãwo.

22 Gbesiagbe amewo vaa Dawid gbɔ, ne woaxɔ nɛ, vaseɖe esime aʋakɔ la lolo abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.

23 Amesiwo bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye wova Dawid gbɔ le Xebron, ne woagbugbɔ Saul ƒe fiaɖuƒe la nɛ le Yehowa ƒe nya nu la, ƒe xexlẽme enye si:

24 Yuda-vi, siwo tsoa akpoxɔnu kple akplɔ, eye wòbia akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu la, le ame akpe aɖe kple alafa enyi.

25 Ŋutsu kalẽtɔ, siwo tso Simeon-viwo dome va aʋakɔ la me la, wole ame akpe adre kple alafa ɖeka.

26 Amesiwo tso Lewi-viwo dome la, wole ame akpe ene kple alafa ade;

27 eye ame akpe etɔ̃ kple alafa adre le Yoyada, amesi nye Aron viwo ƒe amegã la ŋu.

28 Zadok, ɖekakpui kalẽtɔ, kple fofoa ƒemetɔwo le amegã blave va eve.

29 Amesiwo tso Benyamin-viwo, siwo nye Saul nɔviwò dome la, wole ame akpe etɔ̃, elabena vaseɖe fifi la woƒe akpa gãtɔ gaku ɖe Saul ƒe aƒe la ŋu ko.

30 Amesiwo tso Efrayim-viwo dome la, le ame akpe blave kple alafa enyi, eye wonye ŋutsu kalẽtɔwo kple ame ŋkɔŋuwo le woƒe aƒekɔwo me.

31 Amesiwo tso Manase ƒe to afã me la, wole ame akpe wuienyi, amesiwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖi, ne woava atso Dawid aɖo fiae.

32 Amesiwo tso Isaxar-viwo dome la, wonye amesiwo nunya le tagba na, eye wonya ɣeyiɣi, si dzi Israel awɔ nane; woƒe tatɔwo le ame alafa eve, eye wo nɔviwo katã sea woƒe gbe.

33 Amesiwo tso Zebulon-viwo dome va aʋakɔa me, eye wotsɔ aʋawɔnu vovovowo bla akpae la, wole ame akpe blaatɔ̃, woƒo ƒu ɖe du, eye dzi ɖeka li na wo.

34 Amegã akpe ɖeka tso Naftali, eye ame akpe blaetɔ̃ vɔ adre, siwo si akpoxɔnu kple akplɔ le la, kpe ɖe wo ŋu.

35 Amesiwo bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu tso Dan-viwo dome la, wole ame akpe blave vɔ enyi kple alafa ade.

36 Amesiwo tso Aser va aʋakɔ la me, eye wobla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu la, wole ame akpe blane.

37 Amesiwo tso Yordan ƒe go keme dzi tso Ruben-viwo. Gad-viwo kple Manase ƒe to afã me, eye aʋawɔnu vovovowo le wo si la, wole ame akpe alafa ɖeka blave.

38 Aʋawɔla siawo katã, amesiwo dzea aʋa la, va Xebron kple dzi ɖeka, be woatsɔ Dawid aɖo fiae ɖe Israel blibo la nu, eye dzi ɖeka li na Israel-vi susɔeawo katã hã, be woatsɔ Dawid aɖo fiae.

39 Wonɔ Dawid gbɔ le afima ŋkeke etɔ̃ sɔŋ, eye woɖu nu no nu, elabena wo nɔviwo ɖa nu na wo.

40 Eye amesiwo tsɔ ɖe wo gbɔ kpuie va ke ɖe Isaxar, Zebulon kple Naftali la, wotsɔ abolowo ɖo tedziwo, kposɔwo, tedzisɔwo kple nyiwo dzi vɛ, wohe nuɖuɖu, siwo wotsɔ wɔ ɖae, gbotitsetsebolo kple weintsetsebolo, wein kple ami, nyiwo kple alẽwo vɛ kpaŋkpaŋ, elabena dzidzɔ nɔ Israel.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan