1 Kronika 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wòsi ami na Dawid heɖo fiae; exɔ Zion, eye wonɔ me. 1 Tete Israel blibo la va kpe ta de Dawid gbɔ le Xebron gblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye. 2 Menye egbe o, menye etsɔ o, esime Saul nye fia la, wòe kplɔa Israel doa goe gakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa, wò Mawu la, gblɔ na wò bena: Wòe le nye dukɔ Israel kplɔla nye ge, eye wòe anye amegã de nye dukɔ Israel nu. 3 Tete Israel-ame tsitsiwo va fia la gbɔ le Xebron, eye Dawid bla nu kpli wo le Yehowa ŋku me le Xebron, eye wòsi ami na Dawid heɖo fiae de Israel dzi le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Samuel dzi la nu. 4 Eye Dawid kple Israel blibo la ho yi Yerusalem, si nye Yebus, elabena Yebusitɔwo nyẽ anyigba dzi nɔlawo le afima. 5 Ke Yebusnɔlawo gblɔ na Dawid bena: Màte ŋu ava afisia o! Gake Dawid xɔ Zion ƒe mɔ̃ la, eya nye Dawid ƒe du la. 6 Tete Dawid gblɔ bena: Amesi ke tre Yebusitɔwo sisi la, eya anye tatɔ kple kplɔla. Tete Yoab, Zeruya vi, tre yiyi, eye wòzu tatɔ. 7 Dawid nɔ mɔ̃ la me, eyata woyɔnɛ be Dawid du. 8 Eye wòtso du la tso Milo godoo va kpe; ke Yoab ye tso du la ƒe akpa mamlea. 9 Ale Dawid le akɔ trim ɖe dzi ɖaa, eye Yehowa Zebaot nɔ kplii. Dawid ƒe kalẽtɔwo, 10 Dawid ƒe kalẽtɔwo ƒe tatɔwo nye esi; woawo kple Israel blibo la ku ɖe eŋu tsehee le eƒe fiaɖuɖu la me, eye wotsɔe ɖo fiae le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu la nu. 11 Dawid ƒe kalẽtɔwo ƒe xexlẽme enye si: Yasobeam, Xaxmoni vi, amesi nye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ, eya ɖa eƒe akplɔ to ame tsiaʋa alafa etɔ̃awo dzi zi ɖeka. 12 Eyometɔ nye Eleazar, Axoxitɔ, Dodo ƒe vi, amesi le kalẽtɔ etɔ̃awo dome; 13 eya nɔ Dawid gbɔ le Pas-Xamim, esime Filistitɔwo kpe ta, be woawɔ aʋa le afima. Bli le agblea ɖe me fũ le afima, eye dukɔ la si le Filistitɔwo nu. 14 Tete wotsi tre ɖe agble la titina, eye woxɔe, wowu Filistitɔwo, eye Yehowa na woɖu dzi gãa ɖe. 15 Tatɔwo dometɔ etɔ̃ va Dawid gbɔ le agakpe la dzi le Adulam-mɔ̃ la me, esime Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim-bali la me. 16 Dawid le mɔ̃ la me ɣemaɣi, eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlexem ɣemaɣi. 17 Eye nu de asi Dawid dzodzro me wògblɔ bena: Ameka aɖaku tsi le vudo, si le agbo me le Betlexem la me ve nam mano? 18 Tete ame etɔ̃awo ɖage ɖe Filistitɔwo ƒe asaɖa la me, eye woku tsi le vudo, si le agboa me le Betlexem la me hetsɔ vɛ na Dawid; ke Dawid gbe be, yemanoe o, hafi boŋ etsɔe ƒo ɖe anyi na Yehowa 19 hegblɔ bena: Nye Mawu nena esia wowɔ naɖe megbe xaa tso gbɔnye! Ɖe mano ŋutsu siawo ƒe ʋu, si nye woƒe agbea? Elabena wotsɔ woƒe agbe ke hafi kui vɛ! Eye wogbe be, yemanoe o. Kalẽtɔ etɔ̃awoe wɔ nusia. 20 Abisai, Yoab nɔvi, enye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ, eya ɖa eƒe akplɔ to ame tsiaʋa alafa etɔ̃awo dzi, eye wòxɔ ŋkɔ le ame blaetɔ̃awo dome. 21 Wode bubu eŋu kpe ɖe ame blaetɔ̃awo dometɔ eveawo ŋu, eye eya nye woƒe tatɔ, ke ɖeko mede ame etɔ̃awo nu o. 22 Benaya, Yehoyada vi, enye ŋutsu kalẽtɔa ɖe, si wɔ nu tsuwo la ƒe vi tso Kabzeel. Eya wu Moabitɔwo ƒe kalẽtɔ eveawo, eye wòyi ɖawu dzata le vudo la me le gbesigbe sno dza. 23 Eya wu Egipte-ŋutsu kako, si didi abɔklugui atɔ̃ la. Akplɔ le Egiptetɔ la si le abe abaladoti ene; ke eya yi egbe kple atizɔti, eye wòxɔ akplɔ la le Egiptetɔ la si hetsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ wui. 24 Nusia Benaya, Yehoyada vi la wɔ, eye wòxɔ ŋkɔ le kalẽtɔ blaetɔ̃awo dome. 25 Wode bubu eŋu le kalẽtɔ blaetɔ̃awo dome, ke ɖeko mede ame etɔ̃awo nu o, eye Dawid tsɔe ɖo eƒe fia ŋu asrafowo nu. 26 Ŋutsu kalẽtɔawo nye: Asahel, Yoab nɔvi; Elxanan, Dodo vi, tso Betlexem; 27 Haroritɔ Samot; Pelonitɔ Xelez; 28 Tekoatɔ Ira, Ikes vi; Anatotitɔ Abiezer; 29 Xusatitɔ Sibexai; Axoxitɔ Ilai; 30 Netofatitɔ Maxarai; Netofatitɔ Heled, Baana vi; 31 Itai, Ribai vi, tso Benyamin-viwo ƒe Gibea; Piratonitɔ Benaya; 32 Xurai tso Naxale-Gaas; Arbatitɔ Abiel; 33 Baxarumitɔ Azmawet; Saalebonitɔ Elyaxba; 34 Gizonitɔ Bene-Hasem; Hararitɔ Yonatan, Sage vi; 35 Hararitɔ Axiam, Saxar vi; Elifal, Ur vi; 36 Mexeratitɔ Xefer; Pelonitɔ Axiya; 37 Karmeltɔ Xezro; Naarai, Ezbai vi; 38 Yoel, Natan nɔvi: Mibxar, Hagri vi; 39 Amonitɔ Zelek: Berotitɔ Naxerai, amesi nye Zeruya vi, Yoab ƒe aɖekplɔvi; 40 Yitritɔ Ira; Yitritɔ Gareb; 41 Xitilɔ Uriya; Zabad, Axelai vi; 42 Adina, Siza vi, amesi nye Rubentɔ, eya nye Ruben-viwo ƒe tatɔ, eye ame blaetɔ̃ kpe ɖe eŋu; 43 Xanan, Maaxa vi; Mitnitɔ Yosafat; 44 Asteratitɔ Uziya; Sama kple Yeiel, amesiwo nye Aroeritɔ Xotam viwo; 45 Yediael, Simri vi, kple nɔvia, Tizitɔ Yoxa; 46 Maxawitɔ Eliel; Yeribai kple Yosaya, amesiwo nye Elnaam viwo; Moabitɔ Yitma; 47 Eliel, Obed kpakple Yaasiel tso Mezobaya. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana