1 Kronika 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Tɔgbuigãwo ƒe dzidzimagbalẽ tso Adam dzi vaseɖe Isak dzi. 1 Adam, Set, Enos, 2 Kenan, Mahalaleel, Yered, 3 Henox, Metusala, Lamex, 4 Noa, Sem, Xam kple Yafet. 5 Yafet viwo nye: Gomer, Magog, Madai, Yawan, Tubal, Mesex kple Tiras. 6 Gomer viwo nye Askenaz, Rifat kple Togarma. 7 Yawan viwo nye: Elisa, Tarsisa, Kititɔwo kple Rodantɔwo. 8 Xam viwo nye: Kus, Mizrayim, Put kple Kanaan. 9 Kus viwo nye: Seba, Xawila, Sabta, Raama kple Sablexa. Eye Raama viwo nye Seba kple Dedan. 10 Kus dzi Nimrod; eya de asi kalẽwɔwɔ me le anyigba dzi. 11 Mizrayim dzi Luditɔwo, Anamitɔwo, Lehabitɔwo, Naftuxitɔwo, 12 Patrusitɔwo kple Kasluxitɔwo, amesiwo me Filistitɔwo dzɔ tso kpakple Kaftoritɔwo. 13 Kanaan dzi Zidon, amesi nye ŋgɔgbea kple Xet, 14 Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgastiɔwo, 15 Xiwitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo, 16 Arwaditɔwo, Zemaritɔwo kple Xamatitɔwo. 17 Sem viwo nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud, Aram, Uz, Xul, Geter kple Mesex. 18 Arpaxsad dzi Selax, eye Selax dzi Eber. 19 Wodzi ŋutsuvi eve na Eber; ɖeka ŋkɔ nye Peleg, le esi wòmã anyigba lé eŋɔli la, eye nɔvia ŋkɔ nye Yoktan. 20 Yoktan dzi Almodad, Sale, Xazarmawe, Yarax, 21 Xadoram, Uzal, Dikla, 22 Ebal, Abimael, Seba, 23 Ofir, Xawila kple Yobab; amesiawo katã nye Yoktan viwo. 24 Sem, Arpaxsad, Selax, 25 Eber, Peleg, Regu, 26 Serug, Naxor, Tarax, 27 Abram, eya nye Abraham. 28 Abraham viwo nye Isak kple Ismael. 29 Woƒe ƒome enye si: Ismael ƒe ŋgɔgbevi enye Nebayo, Kedar, Adbeel, Mibsam, 30 Misma, Duma, Masa, Xadad, Tema, 31 Yetur, Nafis kple Kedma; amesiawo nye Ismael viwo. 32 Abraham ƒe ahiã Ketura ƒe viwo nye esi: eya dzi Zimran, Yoksan, Medan, Midian, Yisbak kple Suax. Yoksan viwo nye: Seba kple Dedan. 33 Midian viwo nye: Eta, Efer, Xanox, Abida kple Eldaa. Amesiawo katã nye Ketura ƒe viwo. 34 Eye Abraham dzi Isak. Isak viwo nye: Esau kple Israel. Esau viwo kpakple Edom-fiawo. 35 Esau viwo nye: Elifaz, Reguel, Yehus, Yaelam kple Korax. 36 Elifaz viwo nye: Teman, Omar, Zeti, Gaetam, Kenaz, Timna kple Amalek. 37 Reguel viwo nye: Naxat, Zerax, Sama kple Miza. 38 Seir viwo nye: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan. 39 Lotan viwo nye: Xori kple Homam, eye Lotan nɔvinyɔnu nye Timna. 40 Sobal viwo nye: Alyan, Manaxat, Ebal, Sefi kple Onam. Zibeon viwo nye: Aya kple Ana. 41 Ana vi nye: Dison. Dison viwo nye: Xamran, Esban, Yitran kple Xeran. 42 Ezer viwo nye: Bilhan, Zaawan kple Yaakan. Disan viwo nye: Uz kple Aran. 43 Amesiwo ɖu fia le Edom-nyigba dzi, hafi fia va nɔ Israel nu la, wonye: Bela, Beor vi; eƒe du enye Dinhaba. 44 Esi Bela ku la, Yobab, Zerax vi tso Bozra, zu fia ɖe eteƒe. 45 Esi Yobab ku la, Xusam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi zu fia ɖe eteƒe 46 Esi Xusam ku la, Hadad, Bedad vi, zu fia ɖe eteƒe; eya si Midiantɔwo le Moab-tagba; eƒe du enye Awit. 47 Esi Hadad ku la, Samla tso Masreka zu fia ɖe eteƒe. 48 Esi Samla ku la, Saul tso Rexobot le tɔsisi la nu zu fia ɖe eteƒe. 49 Esi Saul ku la, Baal-Xanan, Axbor vi, zu fia ɖe eteƒe. 50 Esi Baal-Xanan ku la, Hadad zu fia ɖe eteƒe; eƒe du enye Pagi, eye srɔ̃a Mehetabeel enye Matred, si nye Mesaxab ƒe vinyɔnu la ƒe vi. 51 Esi Hadad ku la, Edom-amegãwo nye: Amegã Timna, amegã Alwa, amegã Yetet, 52 amegã Oholibama, amegã Ela, amegã Pinon, 53 amegã Kenaz, amegã Teman, amegã Mibzar, 54 amegã Magdiel, amegã Iram. Amesia wo nye Edom-amegãwo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana