1 Fiawo 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Flamɔ̃wo tutu. 1 Ƒe wuietɔ̃ sɔŋ Salomo tu eya ŋutɔ ƒe xɔ, hafi wu eƒe xɔ la nu keŋ. 2 Etu Libanon-avexɔ la wòdidi abɔklugui alafa ɖeka, keke abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui blaetɔ̃; sɔti, siwo nye sedertiwo la, la agbaka ene me, eye woda sederti ɖe wo dzi. 3 Eye wotso sederti gba xɔ, siwo le sɔti blane vɔ atɔ̃ dzi la ta me; sɔti wuiatɔ̃ le agbaka ɖeka me. 4 Dzisrãtiawo le agbaka etɔ me, eye fesre etɔ̃etɔ̃ dze ŋgɔ wo nɔewo. 5 Ʋɔtruawo katã kple ʋɔtrutiawo le dzogoe ene me, eye fesre etɔ̃etɔ̃ dze ŋgɔ wo nɔewo. 6 Eye wòtu sɔtiwo ƒe akpata la wòdidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wokeke abɔklugui blaetɔ̃, eye wògatsɔ sɔtiwo tu akpata ɖe enu, si nu woɖo atrakpuii. 7 Etu fiazikpui ƒe akpala la, afisi wòdrɔ̃a ʋɔnu lena, eya nye ʋɔnudrɔ̃ƒe akpata la, eye wòklã sederʋuƒo ɖe eme tso anyi me ɖatɔ dzisasrã la. 8 Eye wòtu xɔ, si me eya ŋutɔ anɔ la, ɖe xɔxɔnu bubu ɖe akpata la megbe abe esia ke ene; eye Salomo tu xɔ abe akpata sia ke ene, na Farao-vinyɔnu, si wòɖe la. 9 Kpe xɔasi, siwo wotu ɖe dzidze nu, eye wotsɔ laxalaxa sẽ wo me kple wo kɔgo la, wotsɔ lu wo katãe, tso egɔme vaseɖe daɖedziwo gbɔ, tso gota vaseɖe xɔxɔnu gã la gbɔ. 10 Wotsɔ kpe xɔasi gãwo ɖo egɔme anyi, kpe, siwo le abɔklugui ewo kple abɔklugui enyi; 11 eye kpe xɔasi, siwo wofu ɖe dzidze nu kpakple sedertiwo le dzi me gome. 12 Eye wotsɔ kpe fufuwo ɖo amii etɔ, siwo dzi wotu sedertiwo ɖo, abe alesi wòle Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu emetɔ kple fiasã ƒe akpata ŋu ene. Sɔti eveawo kple gbedoxɔ la ŋu nuwo. 13 Eye fia Salomo dɔ woɖakplɔ Xiram tso Tiro vɛ. 14 Enye ahosia ɖe, si tso Naftali-toa me la ƒe yi, eye fofoa nye akɔblinutula tso Tiro; aɖaŋu, nugɔmesese kple nunya geɖe le tagba nɛ, eye wònya akɔbliɖaŋu vovovowo wɔwɔ; eye wòva fia Salomo gbɔ hewɔ dɔ blibo la nɛ. 15 Etsɔ akɔbli kɔ sɔti eve ɖe akpata la nu; sɔti ɖeka ƒe kɔkɔme le abɔklugui wuienyi, eye ka abɔklugui wuieve atu sɔtiawo dome ɖesiaɖe akpe ɖo. 16 Eye wòwɔ ta eve, be wòatsɔ aɖo sɔtiawo tame; etsɔ akɔbli kɔ wòe; ta ɖeka ƒe kɔkɔme le abɔklugui atɔ, eye ta evelia ƒe kɔkɔme le abɔklugui atɔ̃. 17 Elɔ̃ gaɖɔ, eye wògbe ka abe kɔsɔkɔsɔ ene ɖe ta, siwo le sɔtiawo ta me la ŋu; wo ame adre ɖe ta ɖeka ŋu, eye wo ame adre ɖe ta evelia hã ŋu. 18 Ewɔ yevuboɖawo, eye yevuboɖawo le gaɖɔ, si tsyɔ ta, siwo le sɔtiawo la me ŋuti la ŋu le agbaka eve nu; alea wòwɔe ɖe ta evelia hã ŋui. 19 Eye wòwɔ ta, siwo le sɔtiawo ta me la, wole abɔklugui ene abe dzogbenyaseƒoƒo ene le akpata la me. 20 Tawo le sɔtiawo ta me, eye yevuboɖa alafa eveve le agbaka nu ƒo xlã gaɖɔ, si le ƒoɖoa ŋu la kɔgo; alea wole ta evelia hã ŋui. 21 Eye wòtu sɔtiawo ɖe dodonuxɔ la ƒe akpata nu; etu ɖusi me sɔti la, eye wòna ŋkɔe be Yaxin, eye wòtu mia me sɔti la hena ŋkɔe be Boas. 22 Ewɔ sɔtiawo ƒe tagba abe dzogbenyaseƒoƒo ene. Ale wowu sɔtiawo ŋu dɔwɔwɔ nu. 23 Eye wòkɔ gazɔ la; ele tegblẽ, eye tso toga ɖeka vaseɖe toga keme le abɔklugui ewo, ekɔ abɔklugui atɔ̃, eye ka abɔklugui blaetɔ̃ atui akpe ɖo. 24 Eye wòwɔ treklɔnutsetsewo ɖe eto ƒo xlãe va kpe, wo ame ewoewo le abɔklugui ɖekaɖeka; treklɔnutsetseawo le agbaka eve me ƒo xlã gazɔ la, eye wòkɔ wo kplii ɖekae. 25 Ele nyi wuieve dzi; wo ame etɔ dze ŋgɔ anyiehe, eye wo ame etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, wo ame etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe, eye wo ame etɔ dze ŋgɔ ɣedzeƒe; gazɔ la nɔ wo dzi, eye wo katã wòtrɔ agɔme gbɔ ɖe eme lɔƒo. Etri asibide ene ƒe kekeme, eye wowɔ eto abe kpluto ene, wòɖi dzogbenyaseƒoƒo. Bat akpe eve nɔ eme. 27 Eye wotsɔ akɔbli wɔ anyinɔ ewo; anyinɔ ɖeka didi abɔklugui ene, keke abɔklugui ene, eye wòkɔ abɔklugui etɔ̃. 28 Ale wowɔ anyinɔ lae enye si: Woxe ekɔgo, eye woɖo towo nɛ. 29 Woŋlɔ dzatawo, nyiwo kple Kerubiwo ɖe ekɔgo, si le toawo dome la nu, eye wowɔ seƒoƒoka wòdzɔ ɖe dzatawo kpakple nyiawo ta me kple wo te. 30 Ewɔ akɔblitasiaɖamfɔ ene ɖe anyinɔ ɖesiaɖe te, eye wotsɔ akɔbli wɔ woƒe teƒewo. Ekɔ zɔ ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi, eye zɔawo de ze la te hedze ŋgɔ wo nɔewo. 31 Eƒe kɔ, si le anyinɔa titina le eta me la, kɔ abɔklugui ɖeka, eye eto le tegblẽ keke abɔklugui ɖeka kple afã, eye wodo atsiã ɖe eto hã, ke etowo mele tegblẽ o, ke boŋ wole dzogoe ene me. 32 Tasiaɖamfɔ ene le toɖoɖoawo te, eye tasiaɖamfɔwo ƒe troƒewo le anyinɔ la ŋu; tasiaɖamfɔ ɖeka ƒe kɔkɔme le abɔklugui ɖeka kple afã. 33 Wowɔ tasiaɖamfɔawo abe tasiaɖam ŋutɔ ƒe afɔwo ene; ɖe wokɔ nuawo katã, woƒe troƒewo, wo gɔme, wo dometsogawo kple wo dometsogawo ƒe kpeƒewo. 34 Zɔ ene le anyinɔ la ƒe dzogoe eneawo dzi; anyinɔ la ŋu zɔwo do tso. 35 Eye nu tegblẽa ɖe le anyinɔ la ƒe dzi me, si kɔ abɔklugui afã, eye towo kple akɔgo le eŋu. 36 Eye woŋlɔ Kerubiwo, dzatawo kple detiwo kpakple seƒoƒokawo de wo kɔgo kple woƒe towo ŋu, alesi teƒe nya lii ko. 37 Alea wòwɔ anyinɔ ewoawoe; kɔkɔme ɖeka, dzidzeme ɖeka kple nɔnɔme ɖeka ŋugbe li na wo katã. 38 Eye wòwɔ akɔblize ewo; Bat blane no ze sia ze me, eye ze sia ze keke abɔklugui ene, eye ze ɖekaɖeka le anyinɔ ewoawo dome ɖesiaɖe dzi. 39 Wòtsɔ anyinɔ atɔ̃ ɖo xɔ la ƒe ɖusikpa dzi, gatsɔ wo ame atɔ̃ ɖo xɔ la ƒe mia me kpa dzi, eye woɖo gazɔ la xɔa ƒe ɖusikpa dzi le ɣedzeƒe gome ɖo ta dziehe. 40 Eye Xiram wo zewo, sofiwo kple trewo, eye Xiram wu do blibo, si le Yehowa ƒe aƒe la ŋu la, wɔwɔ nu na fia Salomo: 41 Sɔti eveawo kple ta mligo eve, siwo le sɔti eveawo lãme kple gaɖɔ eve, siwo xe ta mligo eve, siwo le sɔtiawo tame la ŋu; 42 yevuboɖa alafa ene hena gaɖɔ eveawo, yevuboɖawo le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu, ne woaxe ta mligo eve, siwo le sɔtiawo ta me la ŋu; 43 anyinɔ ewo kple ze ewo, siwo le anyinɔwo dzi; 44 gazɔ ɖeka kple nyi wuieve, siwo le gazɔ la te, 45 kple zewo, sofiwo kple trewo. Nusiawo katã Xiram tsa akɔbli, si ŋu wozrɔ̃ la, wòe na fia Salomo hena Yehowa ƒe aƒe la. 46 Fia la na wokɔ wo ɖe nɔnɔme, si wotsɔ anyi wɔe la me le Yordan-nutowo me le Sukot kple Zartan dome. 47 Ke Salomo mena woda miawo kpa o, eye womebu akɔbliawo ƒe kpekpeme o. 48 Eye Salomo wo Yehowa ƒe xɔ la me nuwo katã, siwo nye sikavɔsamlekpui la kple sikakplɔ̃, si dzi ŋkumeɖobolo nɔna; 49 etso sika nyuitɔ wo akaɖitiwo, wo ame alɔ̃ le ɖusi me, eye wo ame atɔ̃ le mia me le megbexɔ la ŋgɔ, eye wotsɔ sika wɔ seƒoƒoawo, akaɖigbɛawo kple ɖovulãnuawoe. 50 Etsɔ sika nyuitɔ wɔ agbawo, hɛwo, ʋutrewo, gatsiwo kple nutɔgbawoe, eye wòtsɔ sika wɔ xɔ emetɔ, si nye kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋu ʋɔtru kple dodonuxɔ la ƒe ʋɔtru ŋuti megbegawoe. 51 Esi dɔ blibo, si fia Salomo wɔ le Yehowa ƒe aƒe la, wu enu la, Salomo tsɔ nusiwo ŋu fofoa Dawid ko, siwo nye klosalo kple sika kpakple miawo, da ɖe Yehowa ƒe xɔ la ƒe nudzraɖoƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana