Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Fiawo 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Salomo kpɔ ŋusẽ.

1 Eye Salomo ɖu fiaɖuƒewo katã dzi tso tɔsisi la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi kple Egipte-liƒowo ŋu; wotsɔ nunanawo vɛ ne, eye wosubɔ Salomo le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.

2 Nuɖuɖu, si Salomo hiã gbesiagbe enye: Wɔ memee kor blaetɔ̃ kple wɔ bubu kor blaade;

3 nyi dami ewo kple nyi, si wokplɔ tsoa gbeɖuƒe wo ame blave kpakple alẽ alafa ɖeka; ke womebu sẽ, zi kple sãde kpakple xe damiwo ɖe eme o.

4 Elabena eɖu fia ɖe tɔsisi la ƒe go si me katã kple fia, siwo katã le tɔsisi la ƒe go si me la dzi tso Tifsax vaseɖe Gaza, eye wòkpɔ tomefafa le goawo katã me va kpe.

5 Eye Yuda kple Israel dome amesiame nɔ eƒe weinka kple gboti te bɔkɔɔ tso Dan vaseɖe Beer-Seba le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.

6 Eye tasiaɖam ŋu sɔ akpe blane kple sɔdola akpe wuieve le Salomo si.

7 Dzikpɔla siawo dome ɖesiaɖe kpɔa fia Salomo kple amesiwo katã nɔa fia Salomo ƒe kplɔ̃ ŋu la dzi dzinu ɖekaɖeka, eye womenana naneke hiãna o.

8 Wo dome amesiame tsɔa ƒo kple aƒla va dana ɖe wo teƒe hena sɔwo kple tedzisɔwo, abe alesi woɖo ne ene.


Salomo ƒe nunya.

9 Eye Mawu na nunya kple nugɔmesese geɖe kpakple sidzedze gã Salomo abe ƒutake ene.

10 Salomo ƒe nunya ƒo ɣedzeƒetɔwo katã ƒe nunya kple Egiptetɔwo ƒe nunya wo katã ta.

11 Enya nu wu amegbetɔwo katã kple Ezraxitɔ Etan kpakple Maxol viwo Xeman, Xalkol kple Darda, eye eƒe ŋkɔ nya le dukɔwo katã dome godoo va kpe.

12 Ebu abe akpe etɔ̃, eye eƒe hakpakpawo le ha akpe ɖeka kple atɔ.

13 Eƒo nu le atiwo ŋu tso seder, si le Libanon dzi la dzi vaseɖe ayeti, si miena ɖe gli ŋu la dzi, eye wòƒo nu le lãfɔnewo kple xewo, nutatawo kple tɔmelãwo ŋu.

14 Eye amewo tso dukɔwo katã kple anyigba dzi fia, siwo katã se eƒe nunya ŋkɔ la, dome va, be yewoase Salomo ƒe nunya.


Salomo bla nu kplu Xiram le dzadzraɖo hena gbedoxɔ tutu me.

15 Eye Tiro-fia Xiram ɖɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖe Salomo gbɔ, esime wose be, wòsi ami nɛ heɖo fia ɖe fofoa teƒe, elabena Xiram enye Dawid xɔlɔ̃ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.

16 Eye Salomo dɔ ame ɖo ɖe Xiram gblɔ bena:

17 Enya be, fofonye Dawid mete ŋu tu xɔ na Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, le aʋa, si ɖe to ɖee ta, vaseɖe esime Yehowa tsɔ eƒe futɔwo de eƒe afɔ te.

18 Ke azɔ la Yehowa, nye Mawu, na gbɔɖemem godoo va kpe, eye ketɔa ɖeke kple nya vɔ̃a ɖeke megali o.

19 Kpɔ ɖa, meɖo be, matu xɔ na Yehowa, nye Mawu ƒe ŋkɔ, abe alesi Yehowa gblɔ na fofonye Dawid ene bena: Viwò, si matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi ɖe tewòƒe la, eya atu xɔ na nye ŋkɔ.

20 Eyata de se, ne woatso sedertiwo nam le Libanon; nye dɔlawo anɔ wò dɔlawo gbɔ, eye maxe wò dɔlawo ƒe fe na wò, abe alesi nagblɔ ene; elabena ènyae be, amea ɖeke menya atilalã le mía dome abe Zidontɔwo ene o.

21 Eye esi Xiram se Salomo ƒe nyawo la, dzi dzoe ŋutɔ, eye wògblɔ bena: Woakafu Yehowa egbe, amesi na vi nyanu Dawid ɖe dukɔ gã sia dzi.

22 Eye Xiram dɔ amewo ɖo ɖe Salomo, be woagblɔ nɛ bena: Mese gbe, si nèɖo ɖem la, eye mawɔ wò nudidiwo katã dzi na wò le sedertiwo kple sesewutiwo gome.

23 Nye dɔlawo atsɔ wo atso Libanon dzi ava ƒu la nui, eye mabia wo tatata ato ƒu la dzi ava teƒe, si naɖo nam, eye matu ka wo le afima, be nava tsɔ wo. Ke nusi meɖi be, nawɔ nam la, enye be, nana nuɖuɖu nye aƒe la.

24 Eye Xiram tsɔ sedertiwo kple sesewutiwo na Salomo, abe alesi wòdi ene.

25 Eye Salomo tsɔ lu kor akpe blave na Xiram, ne wòanye nuɖuɖu na eƒe aƒe hekpe ɖe dzomi kor blave ŋu. Alea Salomo na Xiram ƒe sia ƒe.

26 Yehowa na nunya Salomo, abe alesi wòdo ŋugbe nɛ ene, eye xɔlɔ̃wɔwɔ nɔ Xiram kple Salomo dome, eye wòbia nu kple wo nɔewo.

27 Eye Salomo ɖe dɔwɔlawo le Israel katã dome, wole dɔwɔla ame akpe blaetɔ̃.

28 Edɔa wo akpe ewoewo madzɔmadzɔ dzinu sia dzinu; dzinu ɖeka wotsɔna nɔa Libanon, eye dzinu eve wotsɔna nɔa aƒee; eye Adoniram le dɔwɔlawo nu.

29 Agbatsɔla akpe blaadre kple kpefula akpe blanyi le Salomo si le towo dzi;

30 ke womexlẽ dɔdzikpɔla, siwo Salomo tsɔ ɖo dɔnunɔlawo nu la, ɖe eme o, woawo le ame akpe etɔ kple alafa etɔ̃, amesiwo ɖea gbe na ameha, si le ɖɔ wɔm.

31 Eye fia la ɖe se be, woaɖe kpe gã xɔasiwo, ne woatsɔ kpe fufuwo aɖo xɔ la gɔme anyi.

32 Eye Salomo ƒe xɔtulawo kple Xiram ƒe xɔtulawo kpakple Giblitɔwo fu wo, eye wodzra atiwo kple kpewo ɖo hena xɔ lɔ tutu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan