1 Fiawo 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Salomo ƒe dɔwɔlawo. 1 Ale ba Salomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi. 2 Eƒe amegãwo nye si: Azarya, Zadok vi, enye nunɔla, 3 Elixoref kple Axiya, amesiwo nye Sisa viwo, wonye agbalẽŋlɔlawo, eye Yosafat, Axilud vi, nye fia ƒe tsiami; 4 Benaya, Yehoyada vi, le aʋakɔ la nu, eye Zadok kple Abyatar wonye nunɔlawo. 5 Azarya, Natan vi, le dɔdzikpɔlawo nu, eye Zabud, Natan vi, nye nunɔla kple fia xɔlɔ̃, 6 Axisar le fiasã la nu, eye Adoniram, Abda vi, le dɔwɔwɔ nu. 7 Eye dzikpɔla wuieve le Salomo si ɖe Israel blibo la nu, amesiwo kpɔa fia kple eƒe aƒe la dzi le nuɖuɖu gome, ɖesiaɖe kpɔa wo dzi dzinu ɖeka le ƒe ɖeka me. 8 Woƒe ŋkɔwo nye, Ben-Xur le Efrayim-to la nu; 9 Ben-Deker le Makaz, Saalbim, Bet-Semes, Elon kple Bet-Xanan nu; 10 Ben-Xesed le Arubot nu, etɔ enye Soxo kple Xefer-nyigba blibo la; 11 Ben-Abinadab tɔ enye Xor-nyigba blibo la; eya ɖe Salomo ƒe vinyɔnu Tatat; 12 Baana, Axilud vi, tɔ enye Taanax, Megido kple Bet-Sean blibo la, si le Zartan gbɔ, le Yezreel ƒe anyigbe tso Bet-Sean va ke ɖe Abel-Mexola vaseɖe Yokmeam ƒe go keme; 13 Ben-Geber le Ramot-Gilead nu, etɔ enye Manase vi Yair ƒe kɔƒewo, siwo le Gilead, etɔ enye Argob-nutowo me le Basan, ɖu gã blaade, siwo ŋu gli le, eye akɔbligameti le wo ŋu, 14 Aminadab, Ido ti, le Maxanayim nu; 15 Aximaaz le Naftali nu, eya hã ɖe Salomo ƒe vinyɔnu Basmat: 16 Baana, Xusai vi, le Aser kple Bealot nu; 17 Yosafat, Paruax vi, le Isaxar nu; 18 Simei, Ela vi, le Benyamin nu, 19 Geber, Uri vi, le Gilead-nyigba, si nye Amoritɔwo ƒe fia Sixon kple Og, Basan-fia, ƒe anyigba la nu; dzikpɔla ɖeka le anyigba la nu. 20 Yuda kple Israel sɔ gbɔ abe ƒulake ene; woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana