1 Fiawo 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Salomo ɖe srɔ̃. 1 Esi fiaɖuƒe la li ke ɖe Salomo si me la, Salomo do ƒome kple Egipte-fia Farao, eye wòɖe Farao ƒe vinyɔnu hekplɔ va Dawid ƒe du la me, hafi wòva wu eƒe xɔ kple Yehowa ƒe xɔ kpakple gliɖoɖo ɖe Yerusalem ŋu godoo nu. 2 Ke dukɔ la gasa vɔ le nuxeƒewo, elabena wometu xɔa ɖeke na Yehowa ƒe ŋkɔ vaseɖe ɣemaɣi o. 3 Eye Salomo lɔ Yehowa hezɔ le fofoa Dawid ƒe ɖoɖowo nu; ke esa vɔ, eye wòdo dzudzɔ le nuxeƒewo. 4 Eye fia la yi Gibeon, be yeasa vo le afima, elabena eya nye nuxeƒe vevitɔ; Salomo sa numevɔ akpe ɖeka le vɔsamlekpui ma dzi. Salomo do gbe ɖa. 5 Tete Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le drɔ̃eƒe le zã me le Gibeon, eye Mawu gblɔ nɛ bena: Bia nusi mana wò. 6 Salomo ɖo ŋu bena: Eve wò dɔla, fofonye Dawid nu ŋutɔ, elabena ezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye kpakple dzi dzadzɛ me, eye nèdzra amenuveve gã sia ɖo nɛ, be nèna viŋutsu, amesi le eƒe fiazikpui la dzi, abe alesi wòle egbe siawo ene. 7 Azɔ Yehowa, nye Mawu, etsɔ wò dɔla ɖo fiae ɖe fofonye Dawid teƒe, ke ɖevi sue menye, eye nyemenya alesi madoe alo gbɔe o! 8 Eye wò dɔla le dukɔ, si nètia la dome, dukɔ, si keke ta, eye wòsɔ gbɔ, ale be womate ŋu abui alo axlẽe o. 9 Eyata na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wo dukɔ, eye wòaɖe vovo nyui kple vɔ̃ dome, elabena ameka ale ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia? 10 Nya sia dze Aƒetɔ la ŋu, be Salomo bia nusia. 11 Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Esi nèbia nusia, eye mebia be, nanɔ agbe didie o, mebia kesinɔnu o, eye mèbia wò futɔwo ƒe ku o, ke boŋ nèbia nunya, be naŋɔ ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, 12 kpɔ ɖa, mewo abe alesi negblɔ ene, eye metsɔ dzi nyanu, si sea nu gome la, na wò, ale be towò tɔgbea ɖeke menɔ ŋgɔwò va yi o, eye tɔwò tɔgbea ɖeke madzɔ le megbewò o. 13 Eye nusi mèbia o hã la, metsɔe na wò, kesinɔnu kple bubu siaa, ale be tɔwò tɔgbea ɖeke manɔ fiawo dome le wò agbe me ŋkekewo katã me o. 14 Ne èzɔ nye mowo dzi helé nye ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi, abe alesi fofowò Dawid zɔe ene la, ekema mana wò agbeŋkekewo nadidi. 15 Ke esi Salomo nyo la, ekpa bena, drɔ̃e wònye. Tete wòyi Yerusalem ɖatsi tre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã. Salomo ƒe afiatsotso. 16 Ɣemaɣi la gbolo eve wova fia la gbɔ, eye wotsi tre ɖe eŋku me. 17 Eye nyɔnu ɖeka gblɔ bena: Taflatse aƒetɔ, mia kple nyɔnu sia miele xɔ ɖeka me, eye medzi vi ŋkeke etɔ̃ megbe la, medzi vi le egbɔ le xɔa me. 18 Esi nyɔnu sia hã dzi vi, eye miele mía nɔewo gbɔ; amedzroa ɖeke mele mía gbɔ le xɔa me o, negbe mí ame evea koe le xɔa me. 19 Eye nyɔnu sia ƒe vi ku le zã me, elabena emlɔ edzi. 20 Tete wòfɔ le zã titina kɔ vinye le axanye, esime wò dɔlanyɔnu le alɔ dɔm, eye wòtsɔe mlɔ eƒe akɔnu hetsɔ kukua mlɔ nye akɔnu. 21 Esi metɔ ŋdi, be mana no vinye la, kpɔ ɖa, eku; ke esi meɖe ŋku ɖee le ŋdi la, kpɔ ɖa, menye vinye, si medzi lae o. 22 Nyɔnu evelia ɖo ŋu be: Kpao, vinyee nye agbagbea, eye viwoe nye kukua! Nyɔnu gbãtɔ gblɔ be: Kpao, viwoe nye kukua, eye vinyee nye agbagbea! Alea woƒo nui le fia la ŋku me. 23 Tete fia la gblɔ be: Amesi gblɔ be: Vinyee nye agbagbea, eye viwoe nye kukua; eye ame keme be: Kpao, viwòe nye kukua, eye vinyee nye agbagbea. 24 Eye fia la gblɔ be, mitsɔ yi vɛ nam! Tete wotsɔ yi va fia la ŋku me. 25 Eye fia la gblɔ be: Mife ɖevi gbagbe la me ɖe eve, eye mitsɔ akpa afã na ame ɖeka, eye mitsɔ akpa afã na ame evelia. 26 Tete nyɔnu, si ƒe vi nye agbagbea, gblɔ na fia la bena: Taflatse aƒetɔ, mitsɔ ɖevi gbagbe la nɛ, eye migaxawui o! Elabena eƒe dɔ me trɔ ɖe via ŋu. Ke ekemea gblɔ bena: Menye tɔnye o, eye maganye eya hã tɔ o, mife eme ko! 27 Tete fia la xɔ edzi gblɔ bena: Mitsɔ ɖevi gbagbe la nɛ, eye migaxawui o, eyae nye dada. 28 Esi Israel blibo la se ʋɔnu, si fia la drɔ̃ la, wode asi fia la vɔvɔ̃ me; elabena wokpɔ be, Mawu ƒe nunya le eme hena ʋɔnudɔdrɔ̃. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana