Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Fiawo 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Axab kple Yosafat woho ana ɖe Aramtɔwo ŋuti.

1 Eye wogbɔ ɖe eme ƒe etɔ̃, aʋaa ɖeke menɔ Aram kple Israel dome o.

2 Eye wòva me le ƒe etɔ̃lia me be, Yuda-fia Yosafat va Israel-fia gbɔ.

3 Eye Israel-fia gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Mienyae be, Ramot le Gilead nye mía tɔ oa? Ke míezi kpi gbe exɔxɔ le Aram-fia si.

4 Eye wògblɔ na Yosafat bena: Avi aʋa kplim le Ramot le Gilead a? Yosafat ɖo ŋu na Israel-fia bena: Mele abe wò ene, nye dukɔ le abe wò dukɔ ene, eye nye sɔwo le abe wò sɔwo ene.

5 Yosafat gagblɔ na Israel-fia bena: Bia gbe Yehowa se egbe.

6 Tete Israel-fia ƒo nyagblɔɖilawo nu ƒu, wole ame alafa ene, eye wògblɔ na wo bena: Maho yi aʋa le Ramot le Gilead loo, alo matasia? Woɖo ŋu bena: Ho yi, Aƒetɔ la atsɔe ade asi na fia la.

7 Eye Yosafat gblɔ bena: Yehowa ƒe nyagblɔɖila bubua ɖeke mele afisia, ne miaɖabia nu le egbɔ oa?

8 Israel-fia ɖo eŋu na Yosafat bena: Ame ɖeka li, amesi gbɔ wobiaa nu Yehowa le, ke melé fui, elabena metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko, eya nye Mixa, Yimla vi. Ke Yosafat gblɔ bena: Fia meganɔ nu ƒom alea o.

9 Tete Israel-fia yɔ aƒedzikpɔlaa ɖe gblɔ bena: Yi ɖayɔ Mixa, Yimla vi, ve kaba!

10 Israel-fia kple Yuda-fia Yosafat, wo dometɔ ɖesiaɖe do fiawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le teƒea ɖe le Samaria ƒe agbo nu, eye nyagblɔɖilawo katã le nya gblɔm ɖi le wo ŋku me.

11 Tete Zedekiya, Kenaana vi, tsɔ ga wɔ lãdzowo gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esiawo natsɔ atu Aramtɔwo, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ.

12 Eye nyagblɔɖilawo katã gblɔ nya ɖi alea gblɔ bena: Ho yi Ramot le Gilead, eye aɖu dzi! Elabena Yehowa atso wo ade asi na fia

13 Eye dɔla, si yi Mixa yɔ ge la, ƒo nu kplii gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo ƒe gbe sɔ, wogblɔ nya nyui na fia la; eyata wò hã wò nya nenɔ abe wo dometɔ ɖeka ƒe nya ene, eye ƒo nu nyuie.

14 Mixa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe. Ne menye nya, si Yehowa alo nam la, magblɔ o fi!


Nyagblɔɖila Mixa gblɔ aʋasisi ɖi.

15 Esi wòva fia la gbɔ la, fia la gblɔ nɛ bena: Mixa, mího aʋa yi Ramot le Gilead loo, alo mitasia? Eɖo ŋu nɛ bena: Ho yi, eye aɖu dzi! Elabena Yehowa atsɔe ade asi na fia.

16 Fia la gblɔ nɛ bena: Zi nenie mata wò be, gblɔ nyateƒe sɔŋ ko nam le Yehowa ƒe ŋkɔ mea?

17 Egblɔ bena: Mekpɔ Israel blibo la wòka hlẽ ɖe towo dzi abe ale, siwo nu kplɔla mele o ene. Eye Yehowa gblɔ be: Aƒetɔa ɖeke mele amesiawo nu o, wo dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me le ŋutifafa me.

18 Tete Israel-fia gblɔ na Yosafat bena: Nyemegblɔe na wò be, metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko oa?

19 Eye wògblɔ bena: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia me.

20 Eye Yehowa gblɔ bena: Ameka ayi aɖaɖu Axab, ne wòaɖatsi aʋa le Ramot le Gilead? Amesi be ale, ame keme be ale.

21 Tete gbɔgbɔa ɖe do va Yehowa ŋku me gblɔ bena: Mayi aɖaflui. Yehowa gblɔ nɛ bena: Aleke nawɔe?

22 Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me Egblɔ bena: Àte ŋu aflui, heyi ɖawɔ nenema.


Axab ku.

23 Kpɔ ɖa, Yehowae tsɔ aʋatsogbɔgbɔ ɖe wò nyagblɔɖila siawo katã nu; elabena Yehowa ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.

24 Tete Zedekiya, Kenaana vi, te va ƒo to me na Mixa gblɔ bena: Afika Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le gbɔnye yi hafi ƒo nu kpli wò?

25 Mixa gblɔ bena: Àdze sii le gbesigbe nasi atso xɔ me ayi xɔ me, be naɣla ɖokuiwò.

26 Eye Israel-fia gblɔ bena: Milé Mixa, ne miakplɔe yi dumegã Amon kple fiavi Yoas gbɔ,

27 eye migblɔ bena: Ale fia la gblɔ esi: Mitsɔ amesia de gaxɔ me, eye mina abolo viaɖe koe wòaɖu kple tsi viaɖe koe, vaseɖe esime magbɔ le ŋutifafa me.

28 Mixa gblɔ bena: Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema menye Yehowae ƒo nu to dzinye o! Eye wògblɔ be: Mi dukɔwo katã, miele esema?

29 Tete Israel-fia kple Yuda-fia Yosafat woho yi Ramot le Gilead.

30 Eye Israel-fia gblɔ na Yosafat bena: Maɖɔ li nye awuwo, eye mayi aʋa la nu, ke wò la, wò awuwo nenɔ ŋuwò. Eye Israel-fia ɖɔ li eƒe awuwo heyi aʋa la nu.

31 Ke Aram-fia de se na eƒe tasiaɖam-amegãwo gblɔ bena: Miga kpe kple ame tsɛ alo amegãa ɖeke o, ke boŋ mikpe kple Israel-fia ko.

32 Eye wòva me, esime tasiaɖam-amegãwo kpɔ Yosafat la, wogblɔ bena: Israel-fia tututu enye sia! Tete wòtrɔ ɖe eŋu, be yewoakpe kplii; ke Yosafat de asi ɣlidodo me.

33 Esime tasiaɖam-amegãwo kpɔ bena, menye Israel-fiae o la, wodzo le eŋu.

34 Ke ŋutsua ɖe vu eƒe ɖa me heda ɖe ya me, eye wote Israel-fia le gawua kpeƒe; tete wògblɔ na eƒe tasiaɖam-kplɔla bena: Trɔ, ne nakplɔm tso aʋa la nu, elabena mexɔ abi.

35 Aʋa la nu sẽ gbemagbe, eye wòlé fia la ɖe tsitrenu tasiaɖam la me le Aramtɔwo kasa; ke le fiẽ me la eku, eye ʋu la ɖuɖu ɖe tasiaɖam la me.

36 Esi ɣe ɖo to la, ɣli ɖi le asaɖa la me bena: Amesiame neyi eƒe du me, eye amesiame neye eƒe anyigba dzi,

37 elabena fia la ku! Eye wotsɔ fia la va Samaria heɖii ɖe Samaria.

38 Wova klɔ tasiaɖam la le Samaria-ta to, eye avũwo ɖuɖɔ eƒe ʋu, eye gbolowo va le tsi le eme, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ la nu.

39 Axab ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ, nyiɖuxɔ, si wòtu kple ɖu, siwo katã wotso la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

40 Eye Axab mlɔ fofoawo gbɔ, eye via Axazya zu fia ɖe eteƒe.


Yuda-fiaɖuƒe. Yosafat.

41 Yosafat, Asa vi, zu fia ɖe Yuda dzi le Israel-fia Axab ƒe ƒe enelia me.

42 Yosafat xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blave vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Azuba, Silxi vinyɔnu.

43 Eto fofoa Asa ƒe ʋe me pɛpɛpɛ, eye mete ɖa o, eye wòwɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me.

44 Nuxeƒewo koe womeɖe ɖa o, eye dukɔ la gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo.

45 Eve Yosafat bia nu kple Israel-fia.

46 Yosafat ŋutinya susɔea, eƒe kalẽ, si wòwɔ kple aʋa, si wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

47 Eye wònyã matrewɔla, siwo kpɔtɔ le fofoa Asa ŋɔli la ɖa le anyigba dzi.

48 Fiãa ɖeke menɔ Edom o, ke boŋ du dzikpɔlaa ɖee nye fia.

49 Eye Yosafat wɔ Tarsis-ʋuwo, be wòaɖatsɔ sika tso Ofir vɛ; ke womede o, elabena ʋuawo gbã le Ezeon-Geber.

50 Ɣemaɣi Axab vi Axazya gblɔ na Yosafat bena: Na nye dɔlawo kple wò dɔlawo nanɔ miwo me; ke Yosafat melɔ̃ o.

51 Eye Yosafat mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ le fofoa Dawid ƒe du la me, eye via Yoram zu fia ɖe eteƒe.


Israel-fiaɖuƒe. Axazya.

52 Axazya, Axab vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria le Yuda-fia Yosafat ƒe ƒe wuiadrelia me, eye woɖu fia ɖe Israel dzi ƒe eve.

53 Ewo nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye wòto fofoa kple dadaa ƒe ʋe me kpakple Yerobeam, Nebat vi, amesi ble Israel de nuvɔ̃ me la ƒe ʋe me.

54 Esubɔ Baal hede ta agu nɛ, eye wòdo dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, abe alesi fofoa wo pɛpɛpɛ ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan