Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Fiawo 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Axab kple Izebel sẽ ŋuta le Nabot ŋuti.

1 Eye wòva me le nya siawo megbe be, Weingblea ɖe le Yezreeltɔ Nabot si le Yezreel te ɖe Samaria-fia Axab ƒe aƒe ŋu.

2 Tete Axab ƒo nu kple Nabot gblɔ bena: Tsɔ wò weingble la nam, ne matsɔ wɔ amabɔe, elabena ete ɖe nye aƒe ŋu, eye matsɔ weingble nyui bubu aɖo eteƒe na wò; ke ne edze ŋuwò la, maxe eƒe xɔxɔme ƒe fe na wò

3 Nabot ɖo ŋu na Axab bena: Yehowa nena wòaɖe megbe xaa tso gbɔnye be, matsɔ fofonyewo ƒe domenyinu na wò.

4 Tete Axab yi eƒe me, eɖo aɖa, eye dzi kui le nya, si Yezreeltɔ Nabot gblɔ nɛ be: nyemetsɔ fofonyewo ƒe domenyinu na wò o la ta. Eye wòmia eƒe aba dzi hetrɔ mo ɖe aga, eye wogbe nuɖuɖu.

5 Tete srɔ̃a Izebel yi egbɔ gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti dzi le kuwòm, eye nègbe nuɖuɖu?

6 Egblɔ nɛ bena: Elabena meƒo nu kple Yezreeltɔ Nabot gblɔ nɛ bena: Tsɔ wò weingble nam, ne maƒle, alo ne èlɔ̃ la, matsɔ weingble bubu aɖo eteƒe na wò; ke eɖo ŋu bena: Nyematsɔ nye weingble na wò o.

7 Tete srɔ̃a Izebel gblɔ nɛ bena: Fianue nye esia wɔm nele le Israel? Fɔ, naɖu nu, eye wò dzi nagbɔ ɖe eme! Matsɔ Yezreeltɔ Nabot ƒe weingble la na wò.

8 Eye woŋlɔ agbalẽ ɖe Axab ƒe ŋkɔ dzi, etsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ edzi, eye wòɖo agbalẽ la ɖe eƒe dumegãwo kple bubumewo, amesiwo kple Nabot wole afi ɖeka.

9 Eŋlɔ ɖe agbalẽ la me bena: Miɖe gbe ƒã be, woatsi nu adɔ, eye woakplɔ Nabot aɖo dukɔ la ŋgɔ.

10 Eye mitsɔ yakame eve ɖo ekasa, amesiwo anɔ ɖase ɖim le eŋu anɔ gbɔgblɔm bena: Edo ɖiŋu na Mawu kple fia la! Emegbe miakplɔe ado goe aɖaƒu kpee wòaku.

11 Tete eƒe dumegãwo kple bubumewo, amesiwo le eƒe dua me la, wɔ abe alesi Izebel ɖɔ ame ɖo ɖe wo kple alesi le agbalẽ, si wòɖo ɖe wo la me ene.

12 Woɖe gbe ƒã be, woatsi nu adɔ, eye wokplɔ Nabot ɖo dukɔ la ŋgɔ.

13 Emegbe yakame eve wova nɔ ekasa, eye yakameawo le ɖase ɖim le Nabot ŋu le dukɔ la ŋku me le gbɔgblɔm bena: Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la! Eye wokplɔe do go yi dua godo ɖaƒu kpee wòku.

14 Eyome wodɔ ame ɖo ɖe Izebel, be woagblɔ nɛ bena: Woƒu kpe Nabot wòku.

15 Esi Izebel se be, woƒu kpe Nabot wòku la, Izebel gblɔ na Axab bena: Tso, ne naxɔ Yezreeltɔ Nabot ƒe weingble, si wogbe be, màƒle o la, wòanye tɔwo, elabena Nabot megale agbe o, ke boŋ eku.

16 Eye esi Axab se be, Nabot ku la, Axab tso, be yeayi Yezreeltɔ Nabot ƒe weingble la me, ne yeaxɔe wòazu ye tɔ.


Mawu do ŋɔdzi na Axab to Eliya dzi.

17 Eye Yehowa ƒe gbe va Eliya, Tisbitɔ gbɔ bena:

18 Tso, nayi aɖakpe Israel-fia Axab, si le Samaria: kpɔ ɖa, ele Nabot ƒe weingble me, afisi wòva, be yeaxɔ wòanye ye tɔ.

19 Ƒo nu kplii gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ewu ame tso gaxɔ eƒe nu wɔ tɔwòea? Eye ƒo nu kplii gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Afisi avũwo ɖuɖɔ Nabot fe ʋu le la, afima avũwo aɖuɖɔ wo hã wò ʋu le.

20 Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me.

21 Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwo, eye makplɔ wò kple xa; eye matsrɔ̃ Axab ƒe ŋutsuwo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ɖa le Israel.

22 Eye mawɔ wò aƒe abe Yerobeam, Nebat vi ƒe aƒe kple Baesa, Axiya vi ƒe aƒe ene, le dziku, si nèɖo nam kple alesi nèble Israel de nuvɔ̃ me la ta.

23 Eye ale Yehowa gblɔ le Izebel hã ŋu enye si: Avũwo aɖu Izebel le Yezreel ƒe gli gbɔ.

24 Axab ƒe ame, si ke ku ɖe du me la, avũwo aɖui, eye eƒe ame, si ke ku ɖe gbe me la, dziƒoxewo aɖui.

25 Amea ɖeke meli ɖe Axab, si tsɔ eɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me la nu o, elabena srɔ̃ Izebel ye blee de eme.

26 Eye wòwɔ ŋunyɔnu geɖe hesubɔ legbawo abe Amoritɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la, pɛpɛpɛ ene.

27 Esi Axab se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya, etsi nu dɔ, eye wòtsi akpanya me dɔ, eye wòle yiyim kpokpokpo.

28 Tete Yehowa ƒe gbe va Eliya, Tisbitɔ gbɔ bena:

29 Ele ekpɔm be, Axab bɔbɔ eɖokui ɖe anyi le ŋkunye mea? Esi wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le ŋkunye me la, eyata nyemana dzɔgbevɔ̃e la nava le eƒe agbe me ŋkekewo me o, ke boŋ mana dzɔgbevɔ̃e la nava eƒe aƒe dzi le via ƒe agbe me ŋkekewo me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan