1 Fiawo 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Eliya si le Izebel nu. 1 Axab va to nusiwo katã Eliya wo kple alesi wòtsɔ yi wu nyagblɔɖilawo katãe la, na Izebel. 2 Tete Izebel da ame ɖo ɖe Eliya be, wòagblɔ nɛ bena: Mawuwo afiam agafiam ɖe dzi, ne nyemewɔ wò agbe etsɔ wɔle siawo abe wo dometɔ ɖeka ƒe agbe ene o fi! 3 Tete wòvɔ̃, eye wòtso dze mo yi Beer-Seba, si nye Yuda to la, le eƒe agbe ta, eye wògblẽ eƒe ɖekakpui ɖe afima. 4 Eye wòzɔ ŋkeke ɖeka ƒe azɔli yi gbedzi heva bɔbɔ nɔ dzoŋgbalẽtia ɖe te, eye wòdi ku be, yeaku gblɔ bena: Esɔ gbɔ! Azɔ, Yehowa, xɔ nye luʋɔ, elabena nyemenye wu fofonyewo o. 5 Eye esi wòmlɔ anyi dɔ alɔ̃ ɖe dzoŋgbalẽtia te la, kpɔ ɖa, mawudɔlaa ɖe va ʋuʋui gblɔ ne bena: Fɔ naɖu nu! 6 Esi wòfɔ kɔ la, kpɔ ɖa, tatali tɔtɔe kple tsigoe le eƒe tade, eye woɖu nu no nu gamlɔ anyi. 7 Yehowa ƒe dɔla la gava zi evelia, eye wòʋuʋui gblɔ bena: Fɔ naɖu nu, elabena wò mo didi akpa! 8 Tete wòtsi tre ɖu nu no nu, eye nuɖuɖu sia do ŋusẽe wòzɔ ŋkeke blane kple zã blane vaseɖe Mawu ƒe to Xoreb gbɔ. Mawu ɖe eɖokui na Eliya le Xoreb to dzi. 9 Afima wòyi ɖe agadoa ɖe me le ɖatsi afima dɔ. Eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe gbe va egbɔ hegblɔ nɛ bena: Eliya, nuka wɔm nèle le afisia? 10 Eɖo ŋu bena. Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi; ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa. 11 Eye wògblɔ bena: Do go, nava tsi tre ɖe to la dzi le Yehowa ŋku me! Eye kpɔ ɖa, Yehowa va tso me yi; eye ya gã ʋuɖuʋuɖua ɖe ƒo, towo wo, eve agakpewo tu wɔ le Yehowa ŋku me, ke Yehowa mele ya la me o. Le va yome la anyigba ʋuʋu, ke Yehowa mele anyigbaʋuʋu la me o. 12 Le anyigbaʋuʋu yome la dzo va, ke Yehowa mele dzo la me o. Le dzo yome la ya bɔbɔea ɖe ƒo miaa. 13 Esime Eliya see la, etsɔ eƒe mo de eƒe awu ʋlaya me, eye wòdo go va tsi tre ɖe agado la nu, eye kpɔ ɖa, gbea ɖe va egbɔ gblɔ bena: Eliya, nuka wɔm nèle le afisia? 14 Eɖo ŋu bena: Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi, ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa. 15 Tete Yehowa gblɔ nɛ bena: Trɔ gbugbɔ dze wò mo dzi ɖo ta Damasko-tagba, eye nayi aɖasi ami na Xazael, ne wòanye fia ɖe Aram dzi. 16 Si ami na Yehu, Nimsi vi, ne wòanye fia ɖe Israel dzi, eve si ami na Elisa, Safat vi, tso Abel-Mexola, ne wòanye nyagblɔɖila ɖe tewòƒe. 17 Eye wòava me be, amesi ke asi le Xazael ƒe yi nu la, Yehu nawui, eye amesi ke asi le Yehu ƒe yi nu la, Elisa nawui. 18 Eve makpɔtɔ ame akpe adre ɖi le Israel, amesiwo katã medze klo na Baal o kple amesiwo katã megbugbɔ nu nɛ o. Elisa trɔ zu Eliya ƒe nusrɔ̃la. 19 Esi wodzo le afima la, ekpa Elisa, Safat vi, tsa nyi eveve teƒe wuieve le agble ŋlɔmee, eye eva ŋuta le wuieveliawo ŋu; tete Eliya yi egbɔ, eve wòtsɔ eƒe awu ʋlaya ƒu gbe ɖee. 20 Eye wògblẽ nyiawo ɖi fu du kplu Eliya ɖo gblɔ bena: Taflatse, na maɖagbugbɔ nu na fofonye kple danye, emegbe madze yowòme. Eɖo ŋu nɛ bena: Yi nagatrɔ agbɔ, elabena nuka mewɔ na wòa? 21 Tete wò trɔ tso egbɔ ɖalé nyi eve hewu, eye wòtsɔ nyiawo ƒe ŋutinuwo heɖa lã lae na wo, eye wòtsɔe na ameawo woɖu. Emegbe wòtso dze Eliya yome, eye wòsubɔe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana