Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Fiawo 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Eliya kple Obadya.

1 Esi eteƒe didi la, Yehowa ƒe gbe va Eliya gbɔ lɔ ƒe etɔna me bena: Yi ɖatsɔ ɖokuiwò fia Axab, eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.

2 Tete Eliya yi ɖatsɔ eɖokui na Axab. Ke dɔwuame la nu sẽ le Samaria.

3 Eye Axab yɔ Obadya, amesi nye eƒe aƒedzikpɔla. Ke Obadya vɔ̃a Yehowa ŋutɔ.

4 Esi Izebel tsrɔ̃ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo la, Obadya kplɔ nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖaɣla ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃, eye wòtsɔ abolo kple tsi nyi wòe.

5 Eye Axab gblɔ na Obadya bena: Yi ɖatsa le anyigba dzi le tsidzɔƒewo katã kple tɔʋuwo katã ŋu, ɖewohĩ míakpɔ gbe axɔ sɔwo kple tedzisɔwo ɖe agbe, be lãwo magatsrɔ̃ na mi o.

6 Tete wòmã anyigba la, be woatsa le edzi; Axab ɖeɖe lé mɔ, eye Obadya hã ɖeɖe lé mɔ.

7 Esi Obadya le mɔ dzi la, kpɔ ɖa, Eliya va do goe, eye esi wòdze sii la, etsyɔ mo anyi gblɔ bena: Wòea, nye aƒetɔ Eliya?

8 Eɖo ŋu nɛ be Nyee! Yi ɖagblɔ na wò aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, Eliya le afi!

9 Eɖo ŋu bena: Nuvɔ̃ ka mewɔ, hafi nèbe, yeatsɔ wò dɔla ade asi na Axab, ne wòawu?

10 Meta Yehowa, wò Mawu ƒe agbe. Dukɔ alo fiaɖuƒea ɖeke meli, afisi nye aƒetɔ medɔ ame ɖo, be woadi wò le o; eye ne wogblɔ be, mele afi o la, ekema enana fiaɖuƒe la kple dukɔ la ka atam nɛ be, womekpɔ wò o.

11 Eye azɔ nele gbɔgblɔm be: Yi ɖagblɔe na wò aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, Eliya le afia?

12 Eye wòava me be, ne medzo le gbɔwò la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ akplɔ wò adzoe ayi afisi nyemenya o. Eye ne meva gblɔe na Axab, eye mekpɔ wò o la, ekema awum; evɔ wònye wò dɔla vɔ̃a Yehowa tso eƒe ɖevime ke hafi.

13 Ɖe womegblɔ nusi mewɔ la, na nye aƒetɔ oa? Esi Izebel wu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo, eye meɣla Yehowa ƒe nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃ hetsɔ abolo kple tsi nyi wòe oa?

14 Azɔ nèle gbɔgblɔm nam be: Yi ɖagblɔ na wò aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, Eliya le afi, ne wòawuma?

15 Eliya ɖo ŋu bena: Meta Yehowa Zebaot, amesi ŋku me mele tsitre ɖo ƒe agbe. Ne nyematsɔ ɖokuinye afiae egbea o fi!

16 Tete Obadya yi ɖakpe Axab, eye wògblɔe nɛ; eye Axab yi ɖakpe Eliya.

17 Esi Axab kpo Eliya la, Axab gblɔ nɛ bena: Wò, amesi he gbegblẽ va Israel dzi la, enye esia?

18 Eɖo ŋu bena: Menye nyee he gbegblẽ va Israel dzi o, ke boŋ mia kple fofowò ƒe aƒee, elabena mieɖe asi le Yehowa ƒe seawo ŋu, eye mèdze Baalwo yome.

19 Azɔ dɔ, ne woaɖaƒo Israel blibo la nu ƒu hekpe ɖe Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kpakple Asera ƒe nyagblɔɖila alafa ene, siwo ɖua nu le Izebel ƒe kplɔ̃ ŋu la ŋuti va gbɔnye le Karmel-to la gbɔ.

20 Eye Axab do ame ɖo ɖe Israel-viwo katã, eye wòƒo nyagblɔɖilawo nu ƒu ɖe Karmel-to la gbɔ.


Eliya kple Baal ƒe nunɔlawo.

21 Tete Eliya te ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ bena: Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adza evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome! Ke dukɔ la meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.

22 Eye Eliya gblɔ na dukɔ la bena: Nye ɖeka koe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila kpɔtɔ, ke Baal ƒe nyagblɔɖilawo le ame alafa ene kple blaatɔ̃.

23 Eyata ne woatso nyitsu eve na mí, eye woawo natsɔ nyitsu ɖeka aflii ahaɖo nake dzi, ke womaɖe dzo ade ete o; eye nye hã maɖi nyitsu ɖeka atsa aɖo nake dzi, eye nyemaɖe dzo ade ete o.

24 Emegbe miayɔ miaƒe mawu ŋkɔ, eye nye hã mayɔ Yehowa ŋku, eye wòava me be, mawu, si atso dzo atɔe la, eyae nye Mawu. Tete dukɔ blibo la do ɣli gblɔ bena: Gbe la medze vɔ o.

25 Eye Eliya gblɔ na Baal ƒe nyagblɔɖilawo bena: Mitia nyitsu ɖeka, eye mitre ewɔwɔ, elabena miesɔ gbɔ, eye miyɔ miaƒe mawu ŋkɔ, ke migaɖe dzo de ete o.

26 Eye wòlé nyitsu, si wotsɔ na wo la, hewɔe, eye woyɔ Baal ŋkɔ vaseɖe ɣeɖota le gbɔgblɔm bena: Baal, tɔ na mi! Ke gbea ɖeke meɖi o, eye amea ɖeke metɔ o. Eye wole kpo tim le xlã ƒom vɔsamlekpui, si wowɔ la.

27 Eye wòva me le ɣeɖota be, Eliya ɖe alɔme le wo ŋu gblɔ bena: Miɖo ɣli sesĩe ko, elabena mawue, ɖewohĩ ele ŋugble dem, eɖe kpɔ, alo eyi nugbe, alo ele alɔ dɔm, ne wòanya.

28 Tete wodo ɣli sesĩe, eye wotsɔ yi kple akplɔ de abi wo ɖokuiwò ŋu le woƒe kɔnu la nu, vaseɖe esime ʋu do le wo ŋu.

29 Eye esi ɣetrɔ ɖo la, wode asi nugbenugbee wɔwɔ me vaseɖe ɣeyiɣi, si wosaa nuɖuvɔ; ke gbea ɖeke meɖi o, amea ɖeke metɔ o, eye amea ɖeke meɖo to o.

30 Azɔ Eliya gblɔna dukɔ blibo la bena: Mile va gbɔnye. Esi dukɔ blibo la te ɖe eŋu la, eɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si wogbã la ɖo.

31 Eye Eliya tsɔ kpe wuieve le Yakob, amesi Yehowa gblɔ na be: ŋkɔwòe anye Israel la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu.

32 Etsɔ kpeawo ɖi vɔsamlekpui le Yehowa ƒe ŋkɔ me, eye wòɖe ne ƒo xlã vɔsamlekpui la kpe ɖo, ale be woate ŋu aƒa lu dzidzenu eve ɖe wo domee.

33 Eyome wòɖo nakeawo ɖo, eye wòɖi nyitsu la heɖo nakeawo dzi.

34 Eye wògblɔ bena: Midu tsi tɔmedeze ene kɔ ɖe vɔsalã la kple nakeawo dzi! Eye wògblɔ be: Miwɔe zi evelia! Eye wowɔe zi evelia. Emegbe wògagblɔ be: Miwɔe zi etɔ̃lia! Eye wowɔe zi etɔ̃lia.

35 Eye tsi la gbagba ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woɖu tsi ɖe ʋe la hã me wòyɔ taŋ.

36 Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu.

37 Tɔ nam, Yehowa, tɔ nam, ne dukɔ sia nadze sii be, wò Yehowa enye Mawu, eye wòe agatrɔ woƒe dziwo!

38 Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi, si le ʋea me hã keŋkeŋ.

39 Eye esi dukɔ blibo la kpɔe la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Yehowae nye Mawu, Yehowae nye Mawu!

40 Eye Eliya gblɔ na wo bena: Milé Baal ƒe nyagblɔɖilawo, wo dometɔa ɖeke megasi o! Eye wòlé wo. Tete Eliya kplɔ wo yi Kison-tɔʋu la nu, eye wowu wo ɖe afima.

41 Emegbe Eliya gblɔ na Axab bena: Yi naɖu nu, eye nano nu, elabena mese tsidzadza ƒe nuwɔwɔ.

42 Tete Axab yi, be yeaɖu, eye yeano nu. Ke Eliya yi Karmel-to la ta me, eye wonɔ klotinu ɖe anyigba hetsɔ mo de ata me.

43 Eye wògblɔ na eƒe ɖekakpui bena: Lia to la, eye nakpɔ ƒu gome ɖa! Eye wòyi ɖakpɔe ɖa hegblɔ bena: Naneke meli o. Eɖo ŋu bena: Yi zi gbɔ zi adre.

44 Esi wòyi zi adrelia la, egblɔ be: Kpɔ ɖa, alilikpovia ɖe le abe ame ƒe asi ene, tso ƒu gome gbɔna. Eye wògblɔ be: Yi ɖagblɔ na Axab bena: Tsi lãwo ɖe tasiaɖam ŋu, eye nadzo, ne tsi megasika wò ɖi o.

45 Eye wòva me bena, alilikpo xe dziƒo enumake tsiɖitsiɖi, ya le ƒoƒom, eye tsi gãa ɖe dza. Tete Axab ɖo tasiaɖam heyi Yezreel.

46 Ke Yehowa ƒe asi va Eliya dzi, eye wòbla ali dzi heƒu du dze Axab ŋgɔ vaseɖe Yezreel.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan