Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Fiawo 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel-fiaɖuƒe, Eliya ɖe gbe ƒã kuɖiɖi, akpaviãwo tsɔ abolo vɛ nɛ. Zarpat ahosi la nyii to nukumɔa ɖe dzi. Eliya fɔ Zarpat ahosi la vi ɖe tsitre tso ku me.

1 Eye Eliya, Tisbitɔ, si tso Gilead ƒe amedzrowo dome, gblɔ na Axab bena: Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!

2 Eye Yehowa ƒe gbe va egbɔ bena:

3 Dzo le afisia, eye natrɔ ayi ɣedzeƒe gome aɖaɣla ɖokuiwò ɖe Krit-tɔʋu, si dze ŋgɔ Yordan la to.

4 Nano tɔʋu la me tsi, eye mede se na akpaviãwo be, woanyi wò le afima.

5 Tete wòyi dawo, abe alesi Yehowa gblɔ ene; eyi ɖanɔ Krit-tɔʋu, si dze ŋgɔ Yordan la to.

6 Akpaviãwo tsoa abolo kple lã vanae nɛ le ŋdi, eye wotsoa abolo kple lã vanae ne le fiẽ, eye wonoa tɔʋu la me tsi.

7 Ke le ŋkekea ɖewo megbe la tɔʋu la mie, elabena tsia ɖeke megale dzadzam le anyigba la dzi o.

8 Tete Yehowa ƒe gbe va egbɔ bena:

9 Tso, nayi Zarpat, si nye Zidontɔwo tɔ, eye natsi afima; kpo ɖa, meɖe se na ahosia ɖe le afima, be wòanyi wò.

10 Eye wòdze mo heyi Zarpat. Esi wòva dua ƒe agbo nu la, ahosia ɖe le afima le nake fɔm, eye wòyɔe gblɔ bena: Taflatse, ku tsi ɖe nane me vɛ nam mano.

11 Esi wòyina eku ge la, eyɔe ɖagblɔ bena: Taflatse, ɖi abolo kakɛa ɖe ɖe asi vɛ nam.

12 Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa, wò Mawu ƒe agbe: Ne aboloa ɖe le asinye fĩ! Negbe wɔ asiʋlo ɖeka koe le ze me kple ami via ɖe le goe me, eye kpɔ ɖa, meva nake wuwlui fɔ ge, be mayi aɖaɖae, ne mía kple vinyeŋutsu miaɖu, hafi míaku.

13 Tele Eliya ɖo ŋu na bena: Megavɔ̃ o! Yi nawɔ, abe alesi negblɔ ene; ke tsɔ ɖe tɔ tatali via ɖe nam gbɔ, eye natsɔe vɛ nam, emegbe hafi nawɔ mia kple viwò lɔ.

14 Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Wɔze la maɖi gbolo o, eye ami, si le goea me la, mavɔ o, vaseɖe esime Yehowa nana tsi nagadza ɖe anyigba dzi.

15 Eye wòyi ɖawɔ, abe alesi Eliya gblɔ ene, eye woa kplii kpakple viaŋutsu woɖui eteƒe didi.

16 Wɔze la meɖi gbɔlo o, eye ami, si le goea me la, meva o, la Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Eliya dzi la nu.

17 Eye wòva me le nya siawo megbe bena, aƒeanɔ ƒe vi dze dɔ, eye eƒe dɔ la nu sẽ ɖe dzi, ale be megate ŋu le gbɔgbɔm o.

18 Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?

19 Eɖo ŋu ne bena: Tsa viwò la nam! Eye wòxɔe le eƒe akɔnu tso yi xɔtaxɔe, si me wòle la me, eye wòtsɔe mlɔ eƒe aba dzi.

20 Eye wòyɔ Yehowa gblɔ bena: Yehowa, nye Mawu, ahosi, si gbɔ menye amedzro le, hã ŋue nèbe, yeawo vɔ̃ do, eye nawu via?

21 Tete wòdra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ heyɔ Yehowa gblɔ bena: Yehowa, nye Mawu, gbugbɔ ɖevi sia ƒe luʋɔ gava emee dzro!

22 Yehowa se Eliya ƒe gbe, eye ɖevi la ƒe luʋɔ gagbugbɔ va eme, eye wògbɔ agbe.

23 Eye Eliya tsɔ ɖevi la ɖi tso xɔtaxɔ la me va xɔa me, eye wòtsɔe na dadaa. Eye Eliya gblɔ bena: Kpɔ ɖa, viwò la tsi agbe.

24 Tete nyɔnu la gblɔ na Eliya bena: Azɔ medze sii bena, Mawu ƒe amee nènye, eye Yehowa ƒe gbe, si le nuwò la, nye nyateƒe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan