Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Fiawo 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Baesa ku.

1 Eye Yehowa ƒe gbe va Xanani vi Yehu gbɔ na Baesa bena:

2 Esi meɖe wò le ke me, eye metsɔ wò ɖo fia ɖe nye dukɔ Israel nu, gake nèto Yerobeam ƒe ʋe me, eve nèble nye dukɔ Israel ɖe nuvɔ̃ me, be wotsɔ woƒe nuvɔ̃wo do dziku nam la,

3 eyata kpɔ ɖa, matsɔ xa akplɔ Baesa kple eƒe aƒe, eye mawo eƒe aƒe abe Yerobeam, Nebat vi ƒe aƒe ene.

4 Baesa ƒe ame, si ke ku ɖe du me la, avũwo aɖui, eye eƒe amesi ke ku ɖe gbe me la, dziƒoxewo aɖui.

5 Baesa ŋutinya susɔea kple nusiwo wòwɔ kpakple eƒe kalẽwɔwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

6 Eye Baesa mlɔ fofoawo gbe, eye woɖu ɖe Tirza, eye via Ela zu fia ɖe eteƒe.

7 Eve Yehowa ƒe nya gava Xanani vi nyagblɔɖila Yehu gbɔ na Baesa kple eƒe aƒe le nu vɔ̃ɖi, siwo katã wòwɔ le Yehowa ŋku me kple eƒe asinudɔwɔwɔ, siwo wòtsɔ do dziku ne la ta, ne woazu abe Yerobeam ƒe aƒe ene, elabena eya tsrɔ̃e.


Ela kple Zimri.

8 Le Yuda-fia Asa ƒe ƒe blave vɔ adelia me la Baesa vi Ela zu fia ɖe Israel dzi le Tirza ƒe eve.

9 Tete eƒe ɖɔla Zimri, si nye tasiaɖamwo ƒe afã ƒe amegã la, ɖo gbe ɖi ɖe eŋu, esime wono aha mũ le Arza, si nye aƒedzikpɔla le Tirza la ƒe me

10 Eye Zimri va ƒoe wu le Yuda-fia Asa ƒe ƒe blave vɔ adrelia me, eye wòzu ba ɖe eteƒe.

11 Esime wòle fia ɖum, eye wòbɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la, etsrɔ̃ Baesa ƒe aƒe blibo la, eye mena eƒe ŋutsuwo, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dometɔa ɖeke kpɔtɔ o.

12 Eye Zimri tsrɔ̃ Baesa ƒe aƒe blibo la le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Baesa ŋu to nyagblɔɖila Yehu dzi la nu;

13 le Baesa kple via Ela ƒe nuvɔ̃, siwo katã wowɔ hetsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me, eye wotsɔ woƒe yakanuwo do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ta.

14 Ela ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

15 Le Yuda-fia Asa ƒe ƒe blave vɔ adrelia me la Zimri ɖu fia le Tirza ŋkeke adre, le esime dukɔ la ɖe to ɖe Filistitɔwo ƒe Gibeon.

16 Esi dukɔ la se le asaɖa me be, Zimri ɖo gbe ɖi, eye wowu fia la hã la, Israel blibo la tsɔ aʋafia Omri ɖo fia ɖe Israel dzi gbemagbe le asaɖa la me.

17 Tete Omri kple Israel blibo la dzo le Gibeton ŋu, eye wova ɖe to ɖe Tirza.

18 Esi Zimri kpɔ bena, woxɔ dua la, eyi ɖe fia ƒe aƒe ƒe mɔ̃ me, eye wòtɔ dzo fia ƒe xɔ la ɖe eɖokui dzi, eye woku

19 le eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; elabena ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye wòto Yerobeam ƒe ʋe me wɔ eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ hetsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la.

20 Zimri ŋutinya susɔea kple nugbe, siwo wòɖo la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

21 Ɣemaɣi Israel-dukɔ la ma ɖe akpa eve me; dukɔ la ƒe akpa ɖeka ku ɖe Tibni, Ginat vi ŋu, be woatsɔe aɖo fiae, eye akpa evelia ku ɖe Omri ŋu.

22 Ke amesiwo ku ɖe Omri ŋu la, sẽ ŋu wu amesiwo ku ɖe Tibni, Ginat vi ŋu; eye Tibni ku, eye Omri zu fia.


Omri kple Axab. Samaria kple Yerixo tutu.

23 Le Yuda-fia Asa ƒe ƒe blaetɔ̃ ɖekɛlia me la Omri zu fia, eye woɖu Israel dzi ƒe wuieve; eɖu fia le Tirza ƒe ade.

24 Eye wòƒle Samaria-to la le Semer si klosalo talento eve, eye wòtso du ɖe to la dzi hena ŋkɔ du, si wòtso la, le to la tɔ Semer ƒe ŋkɔ be Samaria.

25 Eye Omri wo nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, ewɔ nu gbegblẽ wu amesiwo katã nɔ ŋgɔ nɛ la.

26 Eto Yerobeam, Nebat vi la ƒe ʋe me pɛpɛpɛ, eye wòwɔ eƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me, be wotsɔ woƒe yakanuwo do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.

27 Omri ŋutinya susɔea, nusiwo wòwɔ kple eƒe katã, si wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

28 Eye Omri mia fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe Samaria, eye via Axab zu fia ɖe eteƒe.

29 Le Yuda-fia Asa ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ enyilia me la Axab, Omri vi, zu fia ɖe Israel dzi, eye Axab. Omri vi, du fia ɖe Israel dzi le Samaria ƒe blave vɔ eve.

30 Eye Axab, Omri vi, wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me wu amesiwo katã nɔ ŋgɔ nɛ.

31 Esi wòwɔ Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃wo la, nu tsɛ ko wònye ne; eye wòɖe Zidon-fia Etbaal ƒe vinyonu Izebed, eye wòyi ɖasubɔ Baal hede ta agu nɛ.

32 Eye wòɖi vɔsamlekpui na Baal ɖe Baal ƒe xɔ, si wòtu ɖe Samaria la me.

33 Axab wɔ Asera hã. Eye Axab wɔ nu geɖe hetso do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, wu Israel-fia, siwo katã nɔ ŋgɔ nɛ.

34 Eŋɔli Beteltɔ Xiel tso Yerixo; eƒe ŋgɔgbevi Abiram ƒe ku wotso ɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea Segub ƒe ku wotso de agbowo enu, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yosua, Nun vi la dzi la nu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan