1 Fiawo 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Abiyam 1 Le Yerobeam, Nebat vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la Abiyam zu fia ɖe Yuda dzi. 2 Eɖu fia le Yerusalem ƒe etɔ̃. Dadaa ŋkɔ nye Maaxa, Abisalom vinyɔnu. 3 Eye wòzɔ le fofoa ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔ le eŋgɔ la me, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o. 4 Elabena le Dawid ta Yehowa, eƒe Mawu, na akaɖii le Yerusalem, be wòɖo via le eyome, ne wòalé Yerusalem ɖe te; 5 elabena Dawid wɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me, eye mete ɖa le se, siwo katã wòɖe nɛ la me le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o, negbe ɖe Uriya, Xititɔ la ƒe nya me koe. 6 Eye aʋa nɔ Rexabeam kple Yerobeam dome le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. 7 Abiyam ŋutinya susɔeawo kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Eye aʋa nɔ Abiyam kple Yerobeam dome. 8 Eye Abiyam mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe Dawid ƒe du la me, eye via Asa zu fia ɖe eteƒe. Asa 9 Le Israel-fia Yerobeam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blavelia me la Asa zu fia ɖe Yuda dzi. 10 Ƒe blane vɔ ɖekɛ woɖu fia le Yerusalem Dadaa ŋkɔ nye Maaxa, Abisalom vinyɔnu. 11 Asa wɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me abe fofoa Dawid ene. 12 Enyã matrewɔlawo ɖa le anyigba la dzi, eye wòɖe legba, siwo fofoa wɔ la ɖa. 13 Eɖe dadaa Maaxa hã ɖa, be magaɖu dzi o, elabena ewo legba na Asera, eye Asa mũ legba la ɖatɔ dzoe ɖe Kidron-bali la me. 14 Ke womeɖe nuxeƒewo ɖa o; gake Asa ƒe dzi nɔ Yehowa ŋu blibo le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. 15 Eye wòtsɔ fofoa ƒe nu kɔkɔewo kple eya ŋutɔ ƒe nu kɔkɔewo, siwo nye klosalo, sika kple ŋudɔwɔnuawo, yi Yehowa ƒe mee. 16 Eye aʋa no Asa kple Israel-fia Baesa dome le woƒe agbe me ŋkekewo katã me. 17 Esi Israel-fia Baesa ho ɖe Yuda ŋu la, etso Rama, ne wòaxe mɔ, be Yuda-fia Asa ƒe amea ɖeke magaɖo alo agbɔ o. 18 Tete Asa tsɔ klosalo kple sika, siwo katã kpɔtɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe kple fia ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe la, de eƒe dɔlawo si; eye fia Asa dɔ ame ɖo ɖe Aram-fia Ben-Hadad, si enye Xesion vi Tabrimon ƒe vi, amesi le Damasko la gbɔ be, woagblɔ nɛ bena: 19 Nubabla le mía kpli wò dome, le fofonye kple fofowò dome, kpɔ ɖa, mele nunana, si enye klosalo kple sika la, ɖom ɖe wò. Ne ètu nubabla, si le mia kple Israel-fia Baesa dome la, ekema aho adzo le gbɔnye. 20 Tete Ben-Hadad ɖo to fia Asa ƒe gbe, eye wòdo eƒe aʋafia ɖo ɖe Israel-duwo me, eye wòsi Iyon, Dan, Abel-Bet-Maaxa kple Kinerot blibo la hekpe ɖe Naftali-nyigba blibo la ŋu. 21 Eye wòva me, esime Baesa see la, edzudzɔ Rama tsotso, eye woɖana Tirza. 22 Eye fia Asa na woyɔ Yuda blibo la, wo dometɔa ɖeke meto le eme o, eye woyi ɖafɔ kpe kple ati, siwo Baesa tso le Rama tsomi la, eye fia Asa tso wo tso Geba le Benyamin kple Mizpa. 23 Ke Asa ŋutinya susɔeawo katã kple eƒe kalẽwɔwɔwo katã, nusiwo katã wòwɔ kple du, siwo wotso la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me; negbe le eƒe amegãkuku me ko wòdze dɔ ɖe afɔ. 24 Eye Asa mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ le fofoa Dawid ƒe ɖu la me, eye via Yosafat zu fia ɖe eteƒe. Israel-fiaɖuƒe. Nadab, Baesa. 25 Le Yuda-fia Asa ƒe ƒe evelia me la Yerobeam vi Nadab zu fia ɖe Israel dzi, eye woɖu fia ɖe Israel dzi ƒe eve. 26 Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye wòto fofoa ƒe ʋe me hewɔ eƒe nuvɔ̃, si wòtsɔ ble Israel ɖe nuvɔ̃ me la. 27 Tete Axiya vi Baesa, amesi tso Isaxar ƒe aƒe la me, ɖo gbe ɖi ɖe eŋu, eye Baesa wui le Filistitɔwo ƒe Gibeton, esime Nadab kple Israel blibo la ɖe to ɖe Gibeton. 28 Baesa wui le Yuda-fia Asa ƒe ƒe etɔ̃lia me, eye wòzu fia ɖe eteƒe. 29 Esi wòle fia ɖum la, etsrɔ̃ Yerobeam ƒe aƒe blibo la, eye mena nu gbagbea ɖeke kpɔtɔ na Yerobeam o, ke boŋ etsrɔ̃ wo keŋ le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to eƒe dɔla Axiya, Silotɔ dzi la nu; 30 le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ hetsɔ ble Israel ɖe nuvɔ̃ me, kple nusiwo wòwɔ hetsɔ do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ta. 31 Nadab ŋutinya susɔeawo kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 32 Eye aʋa nɔ Asa kple Israel-fia Baesa dome le woƒe agbe me ŋkekewo katã me. 33 Le Yuda-fia Asa ƒe ƒe etɔ̃lia me la Axiya vi Baesa zu fia ɖe Israel blibo la dzi le Tirza ƒe blave vɔ ene. 34 Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eto Yerobeam ƒe ʋe me, eye wòwɔ eƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana