1 Fiawo 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel-fiaɖuƒe. Axiya gblɔ nya ɖi le Yerobeam ŋuti, Yerobeam ku. 1 Ɣemaɣi la Yerobeam vi Abiya dze dɔ. 2 Tete Yerobeam gblɔ na srɔ̃a bena: Tso, naɖɔ li wò avɔwo, ne amea ɖeke maganyae be, Yerobeam srɔ̃ nènye o, eye nayi Silo; kpɔ ɖa, nyagblɔɖila Axiya, amesi gblɔ nam be, maɖu fia ɖe dukɔ sia dzi la, le afima. 3 Tsɔ abolo ewo kple tatali kpakple anyitsi goe ɖeka ɖe asi, eye nayi egbɔ, ne wòagblɔ nusi adzɔ ɖe ɖevia dzi la, na wò. 4 Tete Yerobeam srɔ̃ wɔ nenema, eye wotso heyi Silo, eye wòva Axiya ƒe me. Ke Axiya megate ŋu le nu kpɔm o, elabena etsi akpa, eye eƒe ŋkuwo tsi. 5 Eye Yehowa gblɔ na Axiya da ɖi bena: Kpɔ ɖa. Yerobeam srɔ̃ gbɔna gbe bia ge le gbɔwò le via, si le dɔ lém la ta. Ale kple ale nagblɔ nɛ enye si, elabena ne eva xɔa me la, ele eɖokui wɔ ge ame tutɔe. 6 Esime Axiya se eƒe afɔzi le ʋɔtrua nu wògbɔna la, egblɔ bena: Ge ɖe me, Yerobeam srɔ̃! Nukaŋuti nèwɔ ɖokuiwò ame natɔe? Ke nye la, gbe sesẽ wode asinye na wò. 7 Yi ɖagblɔ na Yerobeam bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Esi medo wò ɖe dzi le dukɔ la dome, metsɔ wò ɖo fia ɖe nye dukɔ Israel dzi, 8 eye medu fiaɖuƒe la le Dawid ƒe aƒe la si hetsɔ na wò; ke wòa mèle abe nye dɔla Dawid, amesi lé nye seawo me ɖe asi, eye wòdze yonyeme kple eƒe dzi blibo hewɔ nusi ɖeɖe ko nyo le ŋkunye me ene o; 9 èwɔ nu gbegblẽ wu amesiwo katã nɔ ŋgɔ na wò, eye nèɖawɔ mawu bubuwo, eye nèkɔ legbawo, be natsɔ aɖo dɔmedzoe nam, ke netsɔ nye nya ƒu gbe ɖe megbewò la, 10 eyata kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yerobeam ƒe aƒe la dzi, eye matsrɔ̃ Yerobeam ƒe ŋutsuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa le Israel, eye makplɔ Yerobeam ƒe aƒe la ƒiaƒiaƒia, abe alesi wokplɔa aɖuɖɔ ene. 11 Yerobeam ƒe amesi ke ku ɖe ɖu me la, avũwo aɖui, eye amesi ke ku ɖe gbe me la, dziƒoxewo aɖui; elabena Yehowae gblɔe! 12 Ke wò la, tso, nayi aƒewo me, eye ne wò afa ɖo dua me la, ɖevi la aku. 13 Eye Israel blibo la afa nɛ, eye woaɖii, elabena eya ɖeɖe koe anye Yerobeam ƒe ame, si woaɖi ɖe yɔdo me, elabena eya ko ŋu wokpɔ nane, si dze Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu le Yerobeam ƒe me la le. 14 Eye Yehowa aɖo fiãa ɖe na Israel, amesi atsrɔ̃ Yerobeam ƒe aƒe la le egbe ŋkeke siawo me, nusi va me egbeawo xoxo. 15 Yehowa asi Israel, eye woaʋuʋu, abe alesi aƒla ʋuʋuna le tɔ me ene, eve woaɖe Israel ɖa le anyigba nyui sia, si wotsɔ na wo fofowo la dzi, eye wòaka wo ahlẽ ɖe tɔsisi la godo, elabena wowɔ Aserawo hetsɔ do dziku na Yehowa. 16 Eye wòatsɔ Israel ade asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ hetsɔ ble Israel la ŋuti. 17 Tete Yerobeam srɔ̃ tso hedze mɔ yi Tirza. Eye esi wòɖo xɔ la ƒe kpui nu la, ŋutsuvi la ku. 18 Eye woɖii, eye Israel blibo la fa nɛ, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to eƒe dɔla nyagblɔɖila Axiya dzi la nu. 19 Yerobeam ŋutinya susɔea, aʋa, siwo wòwɔ kple alesi woɖu fiae la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 20 Ɣeyiɣi, si Yerobeam ɖu fia la, le ƒe blave vɔ eve, eye wòmlɔ fofoawo gbɔ, eye via Nadab zu fia ɖe eteƒe. Yuda-fiaɖuƒe. Rexabeam ɖu dzi, wo nuvɔ̃, eye wohe to nɛ. 21 Rexabeam, Salomo vi, ɖu fia le Yuda. Rexabeam xɔ ƒe blane vɔ ɖekɛ, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du, si Yehowa ba le Israel-toawo katã me, be yeatsɔ eƒe ŋkɔ aɖo afima la me. Dadaa ŋkɔ nye Naama, Amoni-nyɔnu. 22 Eye Yuda wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye wotsɔ woƒe nuvɔ̃, siwo wowɔ la, ɖo dziku nɛ wu nusiwo katã wo fofowo wɔ. 23 Elabena woawo hã wɔ nuxeƒewo, aƒeliwo kple Aserawo ɖe togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã te. 24 Matrewɔlawo hã le anyigba la dzi, eye wokpɔ dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋku me la, ƒe ŋunyɔnuwo katã wɔ. 25 Eye wòva me le Rexabeam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me bena: Egipte-fia Sisak ho va ɖe Yerusalem ŋu, 26 eye wòlɔ Yehowa ƒe aƒe ƒe kesinɔnuwo kple fia ƒe aƒe ƒe kesinɔnuwo dzoe, wo katãe wòlɔ dzoe hekpe ɖe sikakpoxɔnu, siwo katã Salomo wɔ la ŋu. 27 Ke fia Rexabeam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe, eye wotsɔ wo de fia ŋu asrafo, siwo dzɔa fia ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu la, ƒe amegãwo si. 28 Eye wòva me, ne fia la yina ɖe Yehowa ƒe aƒe me la, fia ŋu asrafoawo tsɔa wo, eye wogagbugbɔa wo va dana ɖe fia ŋu asrafoawo ƒe xɔ me. 29 Rexabeam ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 30 Eye aʋa nɔ Rexabeam kple Yerobeam dome ŋkekeawo katã. 31 Eye Rexabeam mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe fofoawo gbɔ le Dawid ƒe du la me. Dadaa ŋkɔ nye Naama, Amoni-nyɔnu, eye via Abiyam ɖu fia ɖe eteƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana