1 Fiawo 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔlaa ɖe tso Yuda gblɔ nya ɖe trɔ̃subɔsubɔ le Betel ŋuti. 1 Ke esime Yerobeam le tsitre ɖe vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ la, kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe tso Yuda va Betel le Yehowa ƒe nya la nu. 2 Eye wòdo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ta le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Vɔsamlekpui, vɔsamlekpui! Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, wole ŋutsuvia ɖe dzi ge na Dawid ƒe aƒe la, si ŋkɔ anye Yosiya, eya awu nuxeƒe ƒe nunɔlawo ɖe dziwò, amesiwo doa dzudzɔ le dziwò, eye wòatɔ dzo ameƒuwo ɖe dziwò. 3 Eye wògblɔ dzesi di gbemagbe bena: Dzesi, si Yehowa gblɔ enye si: Kpɔ ɖa, vɔsamlekpui la afe, eye afi, si le edzi la, aɖuɖu ɖe anyi. 4 Eye wòva me, esi fia la se Mawu ƒe ame la ƒe nya, si wògblɔ ɖe vɔsamlekpuia ŋuti le Betel la, Yerobeam do asi ɖa tso vɔsamlekpuia dzi gblɔ bena: Milée! Tete eƒe asi, si wòdo ɖe egbɔ la, dze ti, eye mete ŋu gabii ɖe akɔ me o. 5 Vɔsamlekpui la fe, eye afi la dudu tso vɔsamlekpui la dzi le Mawu ƒe ame ƒe dzesi, si wògblɔ ɖi la nu ɖe Yehowa ƒe nya la nu. 6 Tete fia la xɔ edzi gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, eye do gbe ɖa ɖe tanye, be nye asi la nagaɖo me nam. Eye Mawu ƒe ame la do gbe ɖa na Yehowa, eye fia la ƒe asi gaɖo me nɛ abe tsã ene. 7 Eye fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Va miyi aƒenye me, eye nade nane nu me, ne madi nane ana wò. 8 Mawu ƒe ame la ɖo ŋu na fia la bena: Ne etsɔ aƒewò me nuwo ƒe afã nam hã la, nyemayi kpli wò aɖu abolo, eye nyemano tsi le teƒe sia o. 9 Elabena alea wode se nam le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Megaɖu abolo o, megano tsi o, eye megagbugbɔ to mɔ, si neto yi o. 10 Eye wòto mɔ bubu, eye megbugbɔ to mɔ, si wòto va Betel la o. 11 Ke nyagblɔɖila tsitsia ɖe le Betel, eye viaŋutsuwo va to nusiwo katã Mawu ƒe ame la wo gbemagbe le Betel la nɛ, eye woto nya, siwo wògblɔ na fia la, na wo fofo. 12 Wo fofo bia wo bena: Mo ka wòto? Ke viaŋutsuawo kpɔ mɔ, si Mawu ƒe ame, si tso Yuda va la to. 13 Eye wògblɔ na viawo bena: Mibla akpa na tedzi nam! Tete wòbia akpa na tedzi nɛ wòdo. 14 Eye wòdze Mawu ƒe ame la yome heva kpoe wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe logotia ɖe te. Tete wòbiae bena: Wòe nye Mawu ƒe ame, si tso Yuda va la? Eɖo ŋu be: Nyee! 15 Eye wògblɔ nɛ bena: Va miyi aƒe me, ne naɖu abolo. 16 Eɖo ŋu bena: Nyemate ŋu agbugbɔ ayi kpli wò o, eye nyemaɖu abolo, eye nyemano tsi kpli wò le teƒe sia o. 17 Elabena wogblɔ nam le Yehowa ƒe nya nu be: Megaɖu abolo o, megano tsi le afima o, eye megagbugbɔ to mɔ, si neto yi o. 18 Eɖo ŋu nɛ bena: Nye hã nyagblɔɖila menye abe wò ke ene, eye mawudɔla ƒo nu kplim le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Yi ɖagbugbɔe, eye mia kplii miayi aƒewò me, ne wòaɖu abolo, eye wòano tsi! Ke alakpae wòda nɛ. 19 Tete wògbugbɔ kplii, eye woɖu abolo, eye wono tsi le eƒe me. 20 Esime wole kplɔ̃ ŋu la, Yehowa ƒe gbe va nyagblɔɖila, si ɖatrɔe vɛ la gbɔ, 21 eye wòdo ɣli gblɔ na Mawu ƒe ame, si tso Yuda va la bena: Esi negbe toɖoɖo Yehowa ƒe gbe, eye melé se, si Yehowa, wò Mawu, de na wò me ɖe asi o, 22 ke boŋ netrɔ, eye nèɖu abolo heno tsi le teƒe, si ŋuti wogblɔ le na wò be, megaɖu abolo, eye megano tsi o la, eyata wò kukua made fofowòwo ƒe yɔdo me o. 23 Esime woɖu abolo heno nu vɔ la, ebla akpa na tedzi la na nyagblɔɖila, si wòɖatrɔ gbɔe la. 24 Ke esi wòdze mɔ la, dzataa ɖe va do goe le mo dzi, eye wòwui; eƒe kukua dze mo dzi, eye tedzi la tsi tre ɖe egbɔ, eye dzata la hã la tsitre ɖe ame kuku la gbɔ. 25 Eye kpɔ ɖa, esi ŋutsuwo va yina la, wokpɔ ame kuku la le mɔ dzi, eye dzata le tsitre ɖe ame kuku la gbɔ; tete woɖagblɔe le du, si me nyagblɔɖila tsitsia le la me 26 Eye esi nyagblɔɖila, si ɖagbugbɔe tso mɔ ta gbɔe la, see la, egblɔ bena: Eya nye Mawu ƒe ame, si gbe toɖoɖo Yehowa ƒe gbe, eyata Yehowa tsɔe ɖe asi na dzata, eye wòvuvui hewui le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ nɛ la nu. 27 Tete wògblɔ na viaŋutsuwo bena: Mibla akpa na tedzi nam! Eye woblae. 28 Esi wòyi la, ekpɔ eƒe kukua le mɔ dzi, eye tedzia kple dzata la tsi tre ɖe ame kuku la gbɔ; dzata la meɖu ame kuku la o, eye mevuvu tedzi la hã o. 29 Eye nyagblɔɖila la kɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua da ɖe tedzi dzi hetsɔe va nyagblɔɖila tsitsi la ƒe du me, be wòa fa nɛ, eye wòaɖii. 30 Etsɔ ame kuku la ɖa ɖe eƒe yɔdo me, eye wòfa nɛ bena: Ao, nɔvinye! 31 Esi wòɖii vɔ la, egblɔ na viaŋutsuwo bena: Ne meku la, mi-ɖim ɖe yɔdo, si me woɖi Mawu ƒe amea ɖo la me, eye mitsɔ nye ƒuwo da ɖe eƒe ƒuwo gbɔ. 32 Elabena nya, si wògblɔ le Yehowa ƒe nya nu ɖe vɔsamlekpui la ŋuti le Betel kple nuxeƒexɔwo katã, siwo le Samaria-duwo me ŋuti la, ava me. 33 Le nya siawo megbe la Yerobeam metrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o, ke boŋ eɖo dukɔ la ƒe; amesiame ƒomevi nuxeƒenunɔlae; eye amesi nya lɔ ko la, eɖonɛ wòzua nuxeƒenunɔla. 34 Nusia zu nuvɔ̃ na Yerobeam ƒe aƒe la, esi na be, wògblɔe, eye wotsɔe ɖa le anyigba dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana