1 Fiawo 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913To ewo fia Yerobeam ɖo fiae. 1 Eye Rexabeam yi Sixem, elabena Israel blibo la va Sixem, be wòaɖo fiae. 2 Eye wòva me, esime Yerobeam, Nebal vi, see la — elabena egale Egipte, afisi wòsi le fia Salomo nu yi la, eye esi Yerobeam le Egipte la, 3 wodɔ ame ɖo ɖee heyɔe gbɔe — tete Yerobeam kple Israel ƒe ameha blibo la va, eye woƒo nu kple Rexabeam bena: 4 Fofowò na míaƒe kɔkuti la kpe, eyata ka fofowò ƒe dɔ sesẽ kple eƒe kɔkuti kpekpe, si wòɖo mia dzi la, dzi ɖe na mí, ekema míasubɔ wò. 5 Eɖo ŋu na wo bena: Miyi, ŋkeke etɔ megbe miagava gbɔnye. Eye dukɔ la dzo. 6 Tete fia Rexabeam de adaŋu kple ame tsitsi, siwo nɔ fia Salomo ŋu le eƒe agbenɔɣi la, gblɔ bena: Adaŋu ka miade, be woaɖo nya la ŋu na dukɔ sia? 7 Woɖo ŋu gblɔ ne bena: Ne èzu dɔla na dukɔ sia egbea, èsubɔ wo, eye nèɖo to wo, eye nè ƒo nu kpli wo nyuie la, ekema woasubɔ wò ɖaa. 8 Ke egbe adaŋu, si ame tsitsiawo de nɛ la, eye wòde adaŋu kple ɖekakpui, siwo nye eƒe hatiwo, eye wonɔa eŋu la. 9 Eye wògblɔ na wo bena: Adaŋu ka miade, ne míaɖo ŋu na dukɔ sia, si va gblɔ nam bena: ka kɔkuti, si fofowò ɖo mia dzi la, dzi ɖe na mí? 10 Tete ɖekakpui, siwo nye ehatiwo, gblɔ nɛ bena: Ale naɖo ŋu agblɔ na dukɔ, si va gblɔ na wò be: fofowò na míaƒe kɔkuti kpe, eyata ka edzi ɖe na mi la, enye esi: Nye asibide kɔtoètɔ tri wu fofonye ƒe ali. 11 Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi, ke nye la mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe dzi; fofonye tsɔ atam ƒo mi, ke nye la matsɔ dziɖegbe aƒo mi! 12 Esi Yerobeam kple dukɔ blibo la va Rexabeam gbɔ le ŋkeke etɔ̃agbe, abe alesi fia la gblɔ bena: miva gbɔnye le ŋkeke etɔ̃agbe ene la, 13 tete fia la he adãnya kple dukɔ la, eye wògbe ame tsitsiawo ƒe adaŋu, si wode ne la. 14 Eye wòƒo nu kpli wo le ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu bena: Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe, ke nye la mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe edzi; fofonye ƒo mi kple atam, ke nye la maƒo mi kple dziɖegbe. 15 Eye fia la meɖo to dukɔ la o, elabena Yehowae trɔe alea, ne yeawɔ eƒe nya, si Yehowa gblɔ to Silotɔ Axiya dzi na Yerobeam, Nebat vi la dzi. 16 Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese woƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, yi wò agbadɔ me! Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel dzo yi eƒe agbadɔ me. 17 Ke Rexabeam du fia ɖe Israel-vi, siwo le Yuda-duwo me la dzi. 18 Eye fia Rexabeam dɔ Adoram, amesi le dɔwɔwɔ nu la ɖo ɖa, ke Israel blibo la ƒu kpee wòku. Tete Rexabeam wɔ kaba ɖo tasiaɖam hesi yi Yerusalem. 19 Ale Israel ʋu le Dawid ƒe aƒe la gbɔ vaseɖe egbe. 20 Eye wòva me, esi Israel blibo la se bena, Yerobeam trɔ gbɔ la, wodɔ ame woyi ɖayɔe va ameha la gbɔe, eye wotsɔe ɖo fia ɖe Israel blibo la dzi; wo dometɔa ɖeke meku ɖe Dawid ƒe aƒe la ŋu o, negbe Yuda-to la ɖeɖe ko. 21 Esi Rexabeam va Yerusalem la, eƒo Yuda ƒe aƒe blibo la kple Benyamin-to la nu ƒu, wole aʋawɔla tiatia akpe alafa ɖeka kple blanyi, be woaɖawɔ aʋa kple Israel ƒe aƒe la, ne wòagbugbɔ fiaɖuƒe la na Salomo vi Rexabeam. 22 Tete Mawu ƒe gbe va Semaya, Mawu ƒe ame la gbɔ bena: 23 Gblɔ na Yuda-fia Rexabeam, Salomo vi, kple Yuda ƒe aƒe blibo la kple Benyamin kpakple dukɔ la ƒe kpɔtɔeawo bena: 24 Ale Yehowa gblɔ esi: Migaho yidawɔ aʋa kple mia nɔvi Israel-viwo o, mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me, elabena gbɔnyea nya sia tso. Tete wose Yehowa ƒe gbe, eye wòtrɔ dzo le Yehowa ƒe nya la nu. Israel-fiaɖuƒe. Yerobeam wɔ nyivi eve. 25 Emegbe Yerobeam gbugbɔ Sixem tso de Efrayim-to la dzi hena eme; eyome woʋu tso afima ɖagbugbɔ Penuel tso. 26 Eye Yerobeam gblɔ le eƒe dzi me bena: Azɔ fiaduƒe la gale gbugbɔ ge ayi de Dawid ƒe aƒe la si me. 27 Ne dukɔ sia le Yerusalem yim, be woaɖasa vɔ le Yehowa ƒe me la, ekema dukɔ sia ƒe dzi atrɔ ɖe eƒe aƒetɔ Yuda-fia Rexabeam ŋu, eye woawum ahatrɔ ayi Yuda-fia Rexabeam gbɔ. 28 Tete fia la de adaŋu hewɔ sikanyivi eve, eye wògblɔ na wo bena: Miede Yerusalem wòsɔ gbɔ azɔ! Israel, kpɔ ɖa, wò mawu, siwo kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, wonye si. 29 Etsɔ ɖeka ɖo Betel, eye wòtsɔ evelia ɖo Dan. 30 Eye nusia zu nuvɔ̃; eye dukɔ la yia ɖeka gbɔ le keke Dan ke. 31 Etu nuxeƒexɔwo, eye wòtsɔ dukɔ la ƒe amesiame ƒomevi, si metso Lewi-viwo dome o la, ɖo nunɔlae. 32 Eye Yerobeam ɖo ŋkekenyuie anyi ɖe dzinu enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, abe alesi wo dua ŋkekenyuie le Yuda ene, eye wòsa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Alea wòwɔ le Betel hã, eye wosa vɔ na nyivi, siwo wòwɔ, eye wòɖo amesiwo wòtsɔ ɖo nuxeƒe ƒe nunɔlawoe la, ɖe Betel. 33 Eye wosa vo le vɔsamlekpui, si woɖi ɖe Betel la dzi le dzinu enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, dzinu, si me eya ŋutɔ bu ta me heɖo ŋkekenyuie na Israel-viwo, eve wòde vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana