Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Fiawo 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Salomo srɔ̃wo kple aklama kpakpɛwo.

1 Ke fia Salomo lɔ̃ dutanyɔnu geɖewo, siwo tso Moab, Amon, Edom, Zidon kple Xet hekpe ɖe Farao-vinyɔnu la ŋu.

2 Dukɔ, tsiwo ŋu Yehowa gblɔ la na Israel-viwo bena: Migaɖe wo dome o, eye woawo hã megava mia dome o, elabena woava trɔ miaƒe dziwo ɖe woƒe mawuwo ŋu la, ŋuti Salomo ku ɖo, eye wòlɔ wo.

3 Esrɔ̃a, siwo nye fiasrɔ̃wo, le alafa adre, eye eƒe ahiãwo le alafa etɔ̃; eye srɔ̃awo trɔ eƒe dzi.

4 Eye wòva me, esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o.

5 Salomo dze Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Milkom, si nye Amonitɔwo ƒe ŋunyɔnu la yome.

6 Salomo wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye medze Yehowa yome blibo abe fofoa Dawid ene o.

7 Ɣemaɣi Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex, si nye Amon-viwo ƒe ŋunyɔnu, ɖe to dzi le Yerusalem ŋgɔ.

8 Alea wòwɔe na srɔ̃a, siwo katã tso anyigba bubuwo dzi, amesiwo do dzudzɔ, eye wosa vɔ na woƒe mawuwo.

9 Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Salomo ŋu, elabena eƒe dzi trɔ ɖa le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, amesi ɖe eɖokui fiae zi eve,

10 eye wòde se nɛ le nusia ŋu be, megadze mawu bubuwo yome o; ke mewo se, si Yehowa de la dzi o.

11 Eye Yehowa gblɔ na Salomo bena: Esi nusia tɔgbe le ta me na wò, eye mèlé nye nubabla kple nye ɖoɖo, siwo megblɔ na wò la me ɖe asi o la, eyata maɖu fiaɖuƒe la le asiwò ahatsɔ na wò ɖɔla.

12 Ɖeko nyemele ewɔ ge le wò agbenɔɣi o, le fofowò Dawid ta, ke boŋ maɖui le viwò si.

13 Ke nyemele fiaɖuƒe blibo la du ge o, hafi boŋ matsɔ to ɖeka na viwò le nye dɔla Dawid kple Yerusalem, si metia la ta.


Salomo ƒe futɔwo kple eƒe ku.

14 Eye Yehowa ɖo futɔ na Salomo, si nye Edomtɔ Hadad, amesi tso fiaƒome le Edom.

15 Eve wòva me, esime Dawid yi Edom, be yeaɖi ame tsiaʋawo,

16 le esime aʋafia Yoab kple Israel blibo la tsi afima dzinu ade sɔŋ, vaseɖe esime wotsrɔ̃ Edom-nutsuwo vɔ la,

17 Hadad si yi Egipte, eye Edom-ŋutsu, siwo tso fofoa ƒe dɔlawo dome, kpe ɖe eŋu. Ke Hadad ganye ɖevi dzaa.

18 Wodze mɔ tso Midian va Paran, eye wokplɔ ŋutsuwo ɖe asi tso Paran heva Egipte-fia Farao gbɔ le Egipte; eye wòna xɔe hetia asi nuɖuɖu nɛ, eye wòna anyigbae.

19 Farao ve Hadad nu ŋutɔ, eye wotsɔ srɔ̃ Taxpenes, si nye fiasrɔ̃, nɔvinyɔnu xoxoetɔ nɛ wòɖe.

20 Taxpenes nɔvinyɔnu dzi ŋutsuvi Genubat nɛ, eye Taxpenes nyii le Farao ƒe me.

21 Esi Hadad se le Egipte bena, Dawid mlɔ fofoawo gbɔ, eye aʋafia Yoab ku la, tete Hadad gblɔ na Farao bena: Ɖe mɔ nam, ne mayi nye anyigba dzi.

22 Farao gblɔ nɛ bena: Esi nèle gbɔnye la, nukae hiã wò, hafi nèle didim be, yeayi mia de? Eɖo ŋu bena: Naneke mehiãm o: gake ɖe mɔ nam ko.

23 Eye Mawu gaɖo futɔ bubu ne, si nye Rezon, Elyada vi, amesi si tso eƒe aƒetɔ Zoba-fia Hadadezer gbɔ,

24 esime Dawid si wo; eye wòƒo ŋutsuwo nu ƒu de eɖokui ŋu hezu adzohawo ƒe kplɔla, eye wòyi ɖanɔ Damasko, eye woɖu fia le Damasko.

25 Eye wònye Israel ƒe futɔ le Salomo ƒe ŋkekewo katã me hekpe ɖe vɔ̃, siwo Hadad wo la ŋu, elabena esi wòɖu fia ɖe Aram dzi la, elé fu Israel.

26 Yerobeam, Efraitɔ, Nebat vi tso Zereda, enye Salomo ƒe dɔla; dadaa nye ahosi, eye eŋkɔ nye Zerua. Eya hã do eƒe asi ɖe dzi de fia la ŋu.

27 Nusi ta wòdo eƒe asi ɖe dzi ɖe fia la ŋu enye si: Salomo tu Milo, eye wòxe fofoa Dawid ƒe du la ƒe ʋe.

28 Ke ŋutsu Yerobeam enye aʋawɔla kalẽtɔ, eye esi Salomo kpɔ be ɖekakpui la nye dɔwɔla vevi la, etsɔe ɖo Yosef ƒe aƒe la ƒe dɔwɔwɔ blibo la nu.

29 Eye wòva me le ɣemaɣi, esime Yerobeam do tso Yerusalem la, nyagblɔɖila Axiya tso Silo kpɔe le ma dzi, eye wòdo awu ʋlaya yeye, eye wo ame eve la ɖeɖe le gbea me.

30 Tete Axiya lé awu ʋlaya yeye, si le eŋu la, eye wòdzee de kakɛkakɛ wuieve,

31 eye wògblɔ na Yerobeam bena: Lɔ kakɛ ewo na ɖokuiwò, elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, madu fiaduƒe la le Salomo si, eye matsɔ to ewo na wò.

32 To ɖeka akpɔtɔ nɛ le nye dɔla Dawid kple Yerusalem du, si metia le Israel-toawo katã me la ta.

33 Elabena wogblẽm ɖi, eye wode ta agu na Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Moabtɔwo ƒe mawu Kemos kpakple Amontɔwo ƒe mawu Milkom, womezɔ nye mɔ dzi, be woawɔ nusi nyo le ŋkunye me, eye woawɔ nye ɖoɖowo kple kɔnuwo dzi abe fofoa Dawid ene o.

34 Ke nyemaxɔ fiaduƒe blibo la le esi o, ke boŋ mana wòaɖu fia le eƒe agbe me ŋkekewo katã me le nye dɔla Dawid, amesi metia, eye wòwɔ nye sewo kple dodowo dzi la ta.

35 Gake la maxɔ fiaɖuƒe la le via si, eye matsɔ to ewo na wò.

36 Matsɔ to ɖeka ana via, be akaɖi nakpɔtɔ na Dawid le ŋkunye me ŋkekeawo katã le Yerusalem du, si metia na ɖokuinye, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo eme la ta.

37 Eyata meɖo wò, be naɖu fia ɖe nusianu, si dze ŋuwò la dzi, eye naɖu fia de Israel dzi.

38 Nenye be, nèɖo to se, siwo katã mede na wò, eye nèzɔ nye mɔ dzi hewɔ nusi nyo te ŋkunye me, be nèle nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, abe alesi nye dɔla Dawid wɔ ene la, ekema manɔ kpli wò, eye maɖo wò aƒe ɖe dzi, abe alesi mewɔe na Dawid ene, eye matsɔ Israel na wò.

39 Eye mabɔbɔ Dawid ƒe dzidzimeviwo ɖe anyi le esia ta; ke manye tegbee o.

40 Ke Salomo di Yerobeam, be yeawu; gake Yerobeam tso hesi yi Egipte-fia Sisak gbɔ le Egipte, eye wòtsi Egipte, vaseɖe esime Salomo ku.

41 Salomo ŋutinya susɔea, eƒe nunya kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Salomo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

42 Eye ɣeyiɣi, siwo katã Salomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel blibo la dzi la, le ƒe blane.

43 Eye Salomo mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe fofoa Dawid ƒe du la me; eve via Rexabeam ɖu fia ɖe eteƒe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan