Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Fiawo 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Saba-fianyɔnu va kpɔ Salomo ɖa.

1 Esi Saba-fianyɔnu se, alesi Salomo ŋkɔ ɖi kpe ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti la, ehe adzo o owo ɖe asi, ne yeava adoe akpɔ.

2 Eva Yerusalem kple ha gã ŋutɔ kple kposɔ, siwo tsɔ atike ʋeʋẽe kple sika geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasiwo, eye wòva Salomo gbɔ hegblɔ nya, siwo katã le eƒe dzi me la ne.

3 Eve Salomo ɖo eƒe biabiawo katã ŋu ne, biabiaa ɖeke meli, si Salomo do kpo eŋu ɖoɖo nɛ o.

4 Eye esi Saba-fianyɔnu la kpɔ Salomo ƒe nunyawo katã kple xɔ, si wotu,

5 nuɖuɖu, si le eƒe kplɔ dzi, eƒe dɔlawo ƒe nɔƒewo, eŋu mewo ƒe subɔsubɔ kple woƒe awuwo kple eƒe ahakulawo kpakple numevɔ, si wosana le Yehowa ƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖee.

6 Eye wògblɔ na fia la bena: Nyateƒee nye nya, si mese le nye anyigba dzi le wò nuwɔna kple wò nunya ŋuti.

7 Nyemexɔ nyawo dzi se o, vaseɖe esime nye ŋutɔ meva, eye mekpɔe kple ŋku, kpɔ ɖa, womegblɔ woƒe afã gɔ̃ hã nam o; eƒo nya, si wogblɔ le wò nunya kple wò kesinɔnu ŋuti mese la ta.

8 Woayra wò amewo, woayra wò dɔla, siwo le tsitre ɖe ŋkuwò me ɖaa, eye wosea wò nunya.

9 Woakafu Yehowa, wò Mawu, amesi ŋu wò nu nyo, eye wotsɔ wò ɖo Israel-fiazikpui la dzi. Esi Yehowa lɔ̃ Israel tegbee ŋuti la, eyata wòtsɔ wò ɖo fia, be nadrɔ̃ ʋɔnu, eye nawɔ nu dzɔdzɔe.

10 Eye wotsɔ sika talento alafa ɖeka kple blave kple atike ʋeʋẽe geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasiwo na fia la; womegatsɔ atike ʋeʋẽe vɛ wòsɔ gbɔ de esi Saba-fianyɔnu la na fia Salomo la nu kpɔ o.

11 Xiram ƒe nuwo hã ɖatsɔa sika, papawutiwo kple kpe xɔasi geɖe ŋutɔ tso Ofir vanɛ.

12 Eye fia la tsɔ papawutiawo wɔ adzrala ɖe Yehowa ƒe xɔ kple fia ƒe xɔ ŋu kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo na hadzilawo; womegatsɔ papawuti siawo tɔgbe vɛ kpɔ o, eye womegakpɔ wo tɔgbe kpɔ vaseɖe egbe o.

13 Eye fia Salomo na nusiwo katã Saba-fianyɔnu la bia, eye wòɖi lae hekpe ɖe nusiwo fia Salomo nae le eɖokui si la ŋuti. Eye eya kple eƒe dɔlawo gbugbɔ yi eƒe anyigba dzi.


Salomo ƒe kesinɔnuwo kple eƒe ŋutikɔkɔe.

14 Sika, si vana na Salomo le ƒe ɖeka me la ƒe dadame le sika talento alafa ade kple blaade vɔ ade;

15 ke womebu esiwo woxɔ le nudzralawo, asitsalawo kple Arabia-fiawo katã kpakple anyigbadzikpɔlawo si la, ɖe eme o.

16 Eye fia Salomo tsɔ sika, si woƒo wɔ akpoxɔnu gãgã alafa eve; egblẽ sika sekel alafa ade ɖe akpoxɔnu ɖeka ŋu.

17 Eye wòtsɔ sika, si woƒo wɔ akpoxɔnu ɖagbi alafa etɔ̃; egblẽ sika mine etɔ̃ ɖe akpoxɔnu ɖeka ŋu. Eye fia la tsɔ wo da ɖe Libanon-avexɔ la me.

18 Fia la tsɔ nyiɖu wɔ fiazikpui gãa ɖe hã, eye wòfa sika nyuitɔ ɖe eŋu.

19 Atrakpuifɔflɔ ade le fiazikpui la ŋu, eye woxa fiazikpui la ƒe tagbɔ le mẽdeƒe, alɔwo le anyinɔƒe la ƒe avawo kple eve dzi, eye dzata eve le alɔawo ŋu;

20 eye dzata wuieve le atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Womewɔ etɔgbe le fiaɖuƒea ɖeke me kpɔ o.

21 Fia Salomo ƒe nunonuwo katã nye sika, eye sika nyuitɔ wotsɔ wɔ Libanon-avexɔ ƒe nuwo katãe, klosaloa ɖeke mele eme o, elabena le Salomo ŋɔli la womebu eya ɖe nemi me hã o.

22 Elabena ʋu, siwo dea Tarsis, le fia la si hekpe ɖe Xiram ƒe ʋuwo ŋu; ʋuawo gbɔna tso Tarsis ƒe etɔ̃ zi ɖeka, eye wohea sika kple klosalo, nyiɖu, kese kple atsaxewo vanɛ.

23 Eye Salomo ɖo kpo ɖe anyigba dzi fiawo katã dzi le kesinɔnu kple nunya gome.

24 Eye xexeame katã ɖi Salomo ƒe ŋku me, be yeakpɔ, eye yease eƒe nunya, si Mawu de dzi me nɛ la.

25 Wo dome amesiame hea nunanawo vɛ ƒeawo tsyo ƒe, siwo nye klosalonuwo, sikanuwo, awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋẽe, sɔwo kple tedzisɔwo.

26 Eye Salomo ƒo tasiaɖamwo kple sɔdolawo nu ƒu; tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene kple sɔdola akpe wuieve le esi, eye wòtsɔ wo ɖo tasiaɖamwo ƒe ɖu me kple fia la gbɔ le Yerusalem,

27 Eye fia la na klosalo sɔ gbɔ abe kpewo ene le Yerusalem, eye sedertiwo sɔ gbɔ abe gboti, siwo le bali me la ene.

28 Woɖakplɔa sɔwo tso Egipte vanɛ na fia Salomo. Fia la ƒe asihawo yina ɖaƒlea sɔwo kple ga.

29 Eye ne wotsɔ tasiaɖam tso Egipte la, ɖeka xɔa klosalo sekel alafa ade, eye sɔ ɖeka xɔa sekel alafa ɖeka kple blaatɔ̃. Alea wotsɔ wo yinae na Xititɔwo ƒe fiawo katã kple Aram-fiawoe; woawoe tsɔa wo yinae.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan