Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Tesalonikatɔwo 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Apostolo la kpɔ dzidzɔ le nya, siwo wòse tso Timoteo nu le hame la ŋuti la ta.

1 Eyaŋuti esi miegale ŋu do dzi o la, edze mía ŋu nyuie bena, woagblẽ míawo ɖeɖe ɖi ɖe Atene,

2 eye miedo Timoteo, mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla kple hadɔwɔla le Kristo ƒe nyanyuie me la ɖa, bene wòado ŋusẽ mi, eye wòaxlɔ̃ nu mi le miaƒe xɔse ŋuti,

3 bene amea ɖeke nagaʋuʋu le xaxa siawo me o; elabena mia ŋutɔwo mienyae bena, esiawo ke ŋuti woɖo mí ɖo;

4 elabena esime mienɔ mia gbɔ la, miegblɔe ɖi na mi bena, miaɖo xaxa me tsã, abe alesi wòva ve me, eye mienyae hã la ene.

5 Eyata nye hã, esi nyemegale ŋu do dzi o la, medɔ ɖo ɖa, bene manya miaƒe xɔse, bena misela tela te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedze zu dzodzro mahĩ!

6 Ke azɔ la, esi Timoteo tso mia gbɔ va mia gbɔ, eye wòhe dzidzɔnya vɛ na mí le miaƒe xɔse kple miaƒe lɔlɔ̃ ŋuti, eye bena mietsɔa ŋkuɖoɖodzi nyui ɖoa ŋku mía dzi ɖaasi, eye bena edzroa miawo hã be, míakpɔ mí, abe alesi wòdzroa míawo hã be, miakpɔ mi ene la ŋuti;

7 eyata, nɔviwo, wofa aka na mí le mia ŋuti le míaƒe hiãkaka kple xaxa katã me to miaƒe xɔse me;

8 elabena azɔ la, ne miawo miele tsitre sesĩe le Aƒetɔ me la, míele agbe.


Paulo do gbe ɖa ɖe hame la ta.

9 Elabena akpedada ka míate ŋu atso aɖo teƒe na Mawu le mia ta le dzidzo katã, si míekpɔna le mia ta le mía Mawu ŋku me la ŋuti mahã?

10 Zã kple keli míeɖea kuku ŋutɔŋutɔ, bena miakpɔ mia ŋku me, eye miaɖo nusi susɔ na miaƒe xɔse la ɖo wòazu blibo.

11 Ke Mawu, mía Fofo ŋutɔ kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo nana míaƒe mo naɖo ta mia gbɔ.

12 Ke miawo la, Aƒetɔ ana miatsi ɖe dzi ahagba go le lɔlɔ̃ na mia nɔewo kple amewo katã me, abe alesi míawo hã míele na mi la ene,

13 bene wòado ŋusẽ miaƒe dziwo, be woanɔ anyi mokaka manɔŋui le kɔkɔenyenye me le Mawu, mía Fofo la ŋku me le mia Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe vavagbe la! Amen.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan