Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Tesalonikatɔwo 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Apostolo la ɖo ŋku eƒe ɖokuiléle nyui le wo dome dzi na nɔviawo, da akpe na Mawu le woƒe kelili le xɔse me ta, eye wòdi vevie bena, yeagakpɔ wo ɖa.

1 Elabena, nɔviwo, mia ŋutɔwo mienyae bena, míaƒe mia gbɔ vava la menye dzodzro o,

2 ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.

3 Elabena míaƒe nuxɔxlɔ̃ metso beble alo makɔmakɔnyenye me o, eye mele alakpadada me o,

4 ke boŋ abe alesi Mawu kpo mí míedze bena, wòtso nyanyuie la de asi na mí ene la, nenema ke míegblɔnɛ; menye abe amesiwo dzea amewo ŋu ene o, ke boŋ abe amesiwo dzea Mawu, si dzroa míaƒe dziwo me kpɔna la ŋu ene.

5 Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila!

6 Eye miedi bubu tso amewo gbɔ hã o, eɖanye miawo alo ame bubuwo gbɔ o, wònye míate ŋu aɖo ame mía ɖokui abe Kristo ƒe apostolowo ene hafi,

7 ke miefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene,

8 nenema ke esi mielɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyuie la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.

9 Elabena, nɔviwo, mieɖo ŋku míaƒe agbagbadzedze kple kutrikuku dzi: Zã kple keli miewɔ dɔ, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o, eye ale míegblɔ Mawu ƒe nya la fia mi.

10 Miawoe nye ɖaseɖilawo kple Mawu hã, alesi mieno anyi kɔkɔe kple dzɔdzɔe kple mokaka manɔŋui le mi amesiwo xɔe se la gbɔ,

11 eye mienyae hã bena, abe alesi fofo wɔna na viawo ene la, nenema ke míewɔ na mia dome amesiame: Míexlɔ̃ nu mi, eye miefa akɔ na mi,

12 eye míeɖi ɖase na mi be, miazɔ bena mianye ame dzedzewo na Mawu, amesi yɔ mi va ye ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe kple ŋutikɔkɔe gbɔ la.

13 Eye le esia ta míawo hã miedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.

14 Elabena miawo, nɔviwo, miezu Mawu hame, siwo le Yudea le Kristo Yesu me la, srɔ̃lawo; elabena miawo hã míekpe fu mawo ke tso mia ŋutɔwo mia dumeviwo gbɔ, abe alesi woawo hã wokpee tso Yudatɔwo gbɔ la ene;

15 amesiwo hã wu Aƒetɔ Yesu kple woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖilawo, eye woti mía yome, eye womedzea Mawu ŋu o, eye wonye amewo katã ƒe adikãtɔwo,

16 esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.

17 Ke míawo la, nɔviwo, esi woɖe mi ɖa tso mia gbɔ ɣeyiɣi kpuia ɖe le ŋku me — menye le dzi me o la — geɖe wu mieɖo vevie, eye wòdzro mí ŋutɔ bena, míakpɔ mia ŋku me.

18 Eyata míedi be, míava mia gbɔ, nye Paulo la zi ɖeka kple zi eve hã: ke Satana xe mɔ na mí.

19 Elabena amekae nye míaƒe mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ kple adegbeƒoƒo ƒe fiakuku la, ne menye miawo hãe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋku me le eƒe vava la me o mahã?

20 Elabena miawoe nye míaƒe kafukafu kple dzidzɔ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan