1 Tesalonikatɔwo 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Apostolo la ƒe akpedada na Mawu le nyanyuie la xɔxɔ nyuie le Tesalonika ŋuti. 1 Paulo kple Silvano kple Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo ƒe hame, si le Mawu, Fofo la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo me: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso! Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi! 2 Miedaa akpe na Mawu ɖaasi le mi katã mia ta, eye mieɖoa ŋku mia dzi le miaƒe gbedodoɖawo me, 3 eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi. 4 Elabena, nɔvi, siwo Mawu lɔ̃na la, mienya miaƒe tiatia la; 5 elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene. 6 Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ, 7 ale bena mietrɔ zu kpɔɖeŋu na amesiwo katã xɔnɛ sena le Makedonia kple Axaya. 8 Elabena Aƒetɔ ƒe nya la ɖi hoo tso mia gbɔ, menye le Makedonia kple Axaya ɖeɖeko o, ke boŋ miaƒe Mawu dzixɔse la ɖo afisiafi, ale bena naneke gbɔgblɔ megahiã mí o; 9 elabena woa ŋutɔwo gblɔa nya fiana le mía ŋuti, vava, si ƒomevi me mieva mia gbɔ le, kple alesi mietrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena miasubɔ Mawu gbagbe vavãtɔ la, 10 eye míalala Via tso dziƒo, amesi wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, Yesu, si ɖe mí tso dziku, si gbɔna la me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana