Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Korintotɔwo 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le srɔ̃ɖeɖe kple trenɔnɔ ŋuti.

1 Nusi ŋuti mieŋlɔ nya nam le la, mebe: Enyo na ame bena, wòagade asi nyanu ŋu o.

2 Ke le ahasiwɔwɔwo ŋuti la nyanu nane ŋutsu sia ŋutsu si, eye ŋutsu nanɔ nyɔnu sia nyɔnu si.

3 Ŋutsu nawɔ nusi dzɔ la, na srɔ̃a, eye nyɔnu hã nawɔ na srɔ̃a nenema ke.

4 Nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe srɔ̃ŋutsu la ko; ke nenema ke ŋutsu hã mekpe ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe nyɔnu la ko.

5 Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.

6 Ke mele esia gblɔm le mɔnana nu, eye menye le sedede nu o.

7 Elabena mele didim bena, amewo katã nanɔ anyi, abe alesi nye hã mele ene; gake amesiame kpo ye ŋutɔ ƒe amenuvevenuna tso Mawu gbɔ, amea ɖeka kpɔ esi, eye ame bubu hã kpɔ bubu.

8 Ke megblɔ na trewo kple ahosiwo bena, ne woano abe alesi nye hã mele ene la, ekema anyo na wo.

9 Ke ne womate ŋu aɖu wo ɖokui dzi o la, woaɖe srɔ̃, elabena srɔ̃ɖeɖe nyo wu fieŋufieŋu.

10 Ke mede se na srɔ̃tɔwo — hafi menye nyee o, ke Aƒetɔ lae boŋ — be, nyɔnu nagagbe srɔ̃a o.

11 Ke ne egbee la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawo ɖeka kpakple srɔ̃ŋutsu la; eye ŋutsu hã nagagbe srɔ̃a o.

12 Ke ame mamlewo la, nyee le egblɔm na wo — menye Aƒetɔ lae o — bena, ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvia ɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeana egbɔ la, negagbee o.

13 Eye ne ŋutsu, si mexɔ se o la, le nyɔnua ɖe si, eye wòdze ŋutsua ŋu be, yeanɔ egbɔ la, negagbe ŋutsu la o.

14 Elabena ŋutsu, si mexɔ se o la, ŋuti kɔ le srɔ̃a me, eye nyɔnu, si mexɔ se o la, hã ŋuti kɔ le ŋutsua me; ɖe menye nenem o la, ne mia viwo anye ame makɔmakɔwo, ke azɔ la wole kɔkɔe.

15 Ke ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvi nyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.

16 Elabena wò nyɔnu, aleke nènyae bena, ale ŋu axɔ srɔ̃wò ɖe agbe mahã? Alo wò ŋutsu, aleke nènyae bena, ate ŋu axɔ srɔ̃wo ɖe agbe mahã?

17 Negbe alesi Aƒetɔ la ma na amesiame la alesi Mawu yɔ amesiamee la, nenema ke woazɔ, eye nenema ke meɖo le hawo katã me.

18 Ne woyɔ amea ɖe, si nye aʋatsotsotɔ la, negahe aʋayi tsyɔ edzi o, ne woyɔ amea ɖe le aʋamatsomatso me la, nagatso aʋa o.

19 Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la.

20 Amesiame nanɔ yɔyɔ, si wotsɔ yɔe la me tututu.

21 Ne enye kluvi woyɔ la, negave wò o; ke ne ate ŋu azu ablɔɖevi la, wɔ eŋuti do boŋ.

22 Elabena amesi woyɔ wònye kluvi le Aƒetɔ la me la, enye Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, nenema ke amesi woyɔ wònye ablɔɖevi la, enye Kristo ƒe kluvi.

23 Asi sesẽe miexɔ, migazu amewo ƒe kluviwo o.

24 Nɔviwo, nusi me woyɔ amesiame le la, nenɔ eya me le Mawu ƒe ŋku me!

25 Ke ɖetugbiwo la, nyemexɔ asea ɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le wo ŋuti o, gake maɖo aɖaŋu na wo, abe amesi kpɔ nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ, bene manye nuteƒewɔla la ene.

26 Azɔ mesusu bena, esia nyo le hiãkame, si gbɔna fifi la ŋuti bena, enyo na ame be, wòanɔ anyi nenema.

27 Nenye ɖe wòbia wò ɖe nyɔnu ŋuti la, megadi etutu o; ke ne wotu wò le nyɔnu ŋuti la, megadi srɔ̃ o.

28 Ke ne eɖe srɔ̃ hã la, mèwɔ nuvɔ̃ o; eye ne ɖetugbi ɖe srɔ̃ la, mewɔ nuvɔ̃ o; ke nenem me siawo akpɔ xaxa le ŋutilã me. Ke nye la ɖe mekpɔ mia nublanui.

29 Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, manɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene;

30 eye amesiwo le avi fam la, nanɔ abe ɖe womele avi fam o ene; eye amesiwo le dzidzɔ kpɔm la, nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene; eye amesiwo le nu ƒlem la, nanɔ abe ɖe naneke mele wo si o ene;

31 eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womelé eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.

32 Ke mele didim be, miagakpɔ fuɖeɖea ɖeke o. Amesi meɖe srɔ̃ o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, alesi wòawɔ adze Aƒetɔ la ŋu.

33 Ke ŋutsu, si ɖe srɔ̃ la, léa be na xexemenuwo, alesi wòawɔ adze nyɔnu la ŋu, eye wòle evedomesi.

34 Nenema ke nyɔnu, si ɖe srɔ̃ la, kple ɖetugbi hã wole, nyɔnu, si si srɔ̃ mele o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, bena wòanɔ kɔkɔe le ŋutilã kple gbɔgbɔ la me; ke nyanu, si ɖe srɔ̃ la, léa be na xexe sia me nuwo, alesi wòawɔ adze ŋutsu la ŋu.

35 Ke megblɔ esia le mia ŋutɔwo miaƒe viɖe ta, menye bene maɖe mi kple ka o; ke boŋ bene mianɔ kɔnuwɔwɔ nyui kple Aƒetɔ ŋunɔnɔ tututu dzi, alesi dze, eye naneke nagahe mi ɖa o.

36 Ke ne amea ɖe susu be, yemawɔ nyuie ɖe yeƒe ɖetugbi ŋuti o, nenye be, ele srɔ̃ɖeɖe me tom, eye ne ele vevie azɔ be, wòaɖe srɔ̃ la, ekema nusi dim wòle la, newɔe: mewɔ nuvɔ̃ o, nena wòaɖe srɔ̃.

37 Ke amesi tsi tre sesĩe le eƒe dzi me, eye naneke mezi edzi o, ke boŋ wòkpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi, eye wòɖo esia le eƒe dzi me bena, yeadzra yeƒe ɖetugbia ɖo srɔ̃maɖemaɖee la, eya awɔe nyuie.

38 Eyata amesi tso eƒe ɖetugbi na woɖe la, wòe nyuie; ke amesi metsɔe na woɖe o la, awɔe nyuie awu.

39 Se la bla nyɔnu, ŋkeke alesi srɔ̃a le agbe la, gake nenye be, ŋutsua ku la, ekema evo bena, wòaɖe amesi ke wòlɔ; negbe ɖeko woawɔe le Aƒetɔ la me.

40 Ke nenye be, enɔ anyi nenema srɔ̃maɖemaɖee la, woayrae awu le nye tamesusu nu. Ke mebuna bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le nye hã menye.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan