Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Korintotɔwo 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Tohehe na ahasiwɔlawo. Nuxɔxlɔ̃ le habɔbɔ kple nu tovo wɔlawo kpakple woƒe hamemanɔmanɔ ŋuti.

1 Wose mia ŋkɔ keŋ bena, ahasiwɔwɔ le mia dome, eye ahasiwɔwɔ ma tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo dome hã o bena, amea ɖe xɔ fofoa srɔ̃.

2 Eye miawo la mieɖo mia ɖokui ɖe dzi, eye miefa konyi boŋ, bene woaɖe amesi wɔ nusia la ɖa le mia dome o mahã?

3 Ke nye amesi mele mia gbɔ le ŋutilã me o, gake mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me la, medrɔ̃ ʋɔnu amesi wɔ nusia la xoxo, abe ɖe mele mia gbɔ ene?

4 le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, ne mia kple nye gbɔgbɔ va kpe la kpakple mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe ŋusẽ la,

5 bene miatsɔ ame ma ade asi na Satana, bene wòagblẽ eƒe ŋutilã, ne woaxɔ eƒe gbɔgbɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.

6 Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?

7 Eyata mitsɔ amɔwɔ ʋaʋã xoxo la ƒu gbe, bene mianye amɔwɔ yeye, abe alesi míenye amɔwɔ maʋamaʋã ene; elabena wowu míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo la hã.

8 Eyata mina míaɖu ŋutitotoŋkekenyuie, menye le amɔwɔ ʋaʋã xoxo me o, eye menye le vɔ̃ɖiwɔwɔ kple nu tovo wɔwɔ ƒe amɔwɔ ʋaʋã me o, hafi le dzadzɛnyenye kple nyateƒe ƒe amɔwɔ maʋãmaʋã la me boŋ.

9 Meŋlɔe na mi le agbalẽ la me bena, migaɖe ha kple ahasiwɔlawo o.

10 Ke menye xexe sia me ahasiwɔlawo alo ŋubiãlawo alo adzodalawo alo trɔ̃subɔlawo mewɔnɛ kura o, anye ne ɖeko miadzo le xexeame.

11 Eyata azɔ la meŋlɔ na mi bena, miagade ha kple amea ɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o, migaɖu nu kple nenem me sia hã o.

12 Elabena nya kae le mia kple amesiwo le egodo la dome bena, madrɔ̃ ʋɔnu wo mahã? Alo miawo la, ɖe miedra ʋɔnu amesiwo le eme la gã oa?

13 Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan