Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Korintotɔwo 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Paulo xlɔ̃ nu Korinto-hame la bena, mamã naganɔ wo dome le nufiala, siwo nye Kristo fe subɔlawo ta o. Kristo enye xɔxɔ fe aƒetɔ kple tameɖoɖo.

1 Eye nye hã, nɔviwo, nyemete ŋu ƒo nu kpli mi abe gbɔgbɔmemewo ene o, hafi abe ŋutilãmemewo ene, abe vidzĩewo le Kristo me ene.

2 Mena notsi mi mieno, eye menye nuɖuɖu sesẽ o, elabena miesẽ ŋu haɖe o; eye fifi hã miesẽ ŋu haɖe o,

3 elabena míeganye ŋutilãmemewo. Elabena ŋkeke alesi ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ kple mamã le mia dome la, menye ŋutilãmemewo míenye, eye miezɔna le ŋutilã la nu o ɖe?

4 Elabena ne ame ɖeka gblɔ be: Nye la Paulo tɔ menye, eye ame bubu gblɔ be: Nye la Apolo tɔ menye la, alo ɖe míenye ŋutilãmemewo oa?

5 Azɔ ɖe, amekae nye Apolo? Amekae nye Paulo? Subɔlawo wonye, amesiwo dzi mieto xɔ dzi se la, eye amesiame le abe alesi Aƒetɔ lã nae la ene.

6 Nye la medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie.

7 Eyata amesi do nu la, menye naneke o, eye amesi de tsii hã, menye naneke o, ke Mawu, si na tsitsi lae boŋ.

8 Ke amesi le nu ɖom kple amesi le tsi demi la, wo kpakple eve le ɖeka, hafi amesiame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ la nu.

9 Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.

10 Mawu ƒe amenuveve, si wonam la, nu meɖo gome anyi abe xɔtula dzeaɖaŋu ene, ke ame bubu tui ɖe edzi. Gake amesiame nakpɔ nyuie, alesi wòatui ɖe edzi la.

11 Elabena amea ɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoɖo bubu anyi o, negbe esi woɖo anyi, si nye Yesu Kristo la ko.

12 Ke ne amea ɖe tso sika, klosalo, kpe xɔasiwo, atiwo, gbe, alo ahɔ̃liti tui ɖe gɔmeɖoɖoanyi sia dzi la,

13 ekema amesiame ƒe dɔwɔwɔ adze ƒã, elabena ŋkeke la aɖee ɖe go afia, elabena woaɖee ɖe go afia to dzo me, eye alesialesi ke amesiame ƒe dɔwɔwɔ le la, dzo la adoe akpa.

14 Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ, si wòtu ɖe edzi la, tsi anyi la, axa fetu.

15 Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ afiã la, abui, ke woaxɔ eya ŋutɔ, gake abe amesi to dzo me ene.


Hame la gblẽlawo.

16 Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa?

17 Ne amea ɖe gblẽ mawuxɔ la, Mawu agblẽ eyama hã, elabena mawuxɔ la le kɔkɔe, eye esiae miawo la mienye.

18 Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.

19 Elabena xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ, elabena woŋlɔ ɖi bena: „Eléa nunyalawo le woƒe aɖaŋu vɔ̃ me.“

20 Eye wogaŋlɔ be: „Aƒetɔ la dzea si nunyalawo ƒe susuwo bena, wonye dzodzro.“

21 Eyata amea ɖeke nagaƒo adegbe le amewo ŋuti o, elabena nuwo katã nye mia tɔ,

22 eɖanye Paulo o, eɖanye Apolo o, eɖanye Kefa o, eɖanye xexeame o, eɖanye agbe o, eɖanye ku o, eɖanye nusi li fifi alo nusi le vava ge o; nuwo katã nye mia tɔ,

23 ke miawo la míenye Kristo tɔ, ke Kristo la enye Mawu to.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan