Psalmowo 99 - Agbenya LaPsalmo 99 1 Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya, enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome, anyigba neʋuʋu. 2 Yehowa nye gã le Zion, ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta. 3 Wonekafu wò ŋkɔ gã, dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe. 4 Fia la nye ŋusẽtɔ, elɔ̃a afia nyui tsotso, wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi, eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me. 5 Mido Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu, elabena eya amea le kɔkɔe. 6 Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome; Samuel le ame siwo yɔ eƒe ŋkɔ la dome; woyɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòtɔ na wo. 7 Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me, eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi. 8 O! Yehowa, míaƒe Mawu, wòe tɔ na wo; togbɔ be èhe to na wo le woƒe nu tovowo ta hã la, ènye tsɔtsɔke ƒe Mawu na Israel. 9 Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi, eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi, elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.