Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 61 - Agbenya La


Psalmo 61
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.

1 Se nye ɣlidodo, O Mawu, eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu.

2 Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,

3 elabena wòe nye nye sitsoƒe kple mɔ sesẽ, le futɔ la ta.

4 Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe. Sela

5 O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo, eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam.

6 Dzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi nɛ, eƒe ƒewo nasɔ gbɔ be wòakpɔ dzidzime geɖewo.

7 Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee, eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta.

8 Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan