Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 47 - Agbenya La


Psalmo 47
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.

1 Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã. Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli.

2 Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe, eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi!

3 Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te, eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te.

4 Etia míaƒe domenyinu na mí si nye dada na Yakob, ame si wòlɔ̃. Sela

5 Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi.

6 Midzi kafukafuhawo na Mawu, midzi kafukafuhawo; midzi kafukafuhawo na míaƒe Fia la, midzi kafukafuhawo,

7 elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi kafukafuha nɛ.

8 Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi. Mawu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.

9 Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene, elabena anyigbadzifiawo nye Mawu tɔ, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan