Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 41 - Agbenya La


Psalmo 41
David ƒe ha na hɛnɔ la.

1 Woayra ame si tsɔ ɖe le eme na ame dahewo, Yehowa aɖee le xaxaɣi.

2 Yehowa adzɔ eŋu, eye wòakpɔ eƒe agbe ta. Yehowa ayrae le anyigba dzi, eye matsɔe ade asi na eƒe futɔwo ƒe didi o.

3 Yehowa anɔ kplii le dɔba dzi, eye wòana lãmesesẽe, afɔe tso dɔba dzi.

4 Megblɔ be, “O! Yehowa, kpɔ nublanui nam, yɔ dɔm, elabena mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.”

5 Nye futɔwo le gbɔgblɔm tso ŋunye fewuɖutɔe be, “Ɣe ka ɣi gɔ̃e wòle kuku ge ne eƒe ŋkɔ natsrɔ̃?”

6 Ne ame aɖe ɖi tsa va be yeakpɔm ɖa la, edaa alakpa, eƒe dzi ƒoa ameŋugblẽnyawo nu ƒu, eye wòdoa go yina kakanɛ.

7 Nye futɔwo katã le dalĩ dom le ŋutinye, eye wole nu vɔ̃ɖiwo susum tso ŋutinye le gbɔgblɔm be,

8 “Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe dze edzi, magatso le afi si wòmlɔ la akpɔ gbeɖe o.”

9 Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye.

10 O! Yehowa, ke wò ya kpɔ nye nublanui, kɔm ɖe dzi be maɖo teƒe na wo.

11 Menya be èkpɔ ŋudzedze le ŋutinye, elabena nye ketɔ meɖu dzinye o.

12 Le nye nuteƒewɔwɔ ta la, èlém ɖe asi, eye nètsɔm ɖo wò ŋkume tegbetegbe.

13 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la tso mavɔ me yi mavɔ me. Neva eme, ɛ̃, neva eme.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan