Psalmowo 30 - Agbenya LaPsalmo 30 David ƒe ha na gbedoxɔ la ŋutikɔkɔ. 1 O! Yehowa, mado wò ɖe dzi, elabena wòe hem do goe tso ʋe globo me, eye mèna mezu nu ɖikokoe na nye futɔwo o. 2 O! Yehowa, nye Mawu, mebia kpekpeɖeŋu tso gbɔwò, eye nèyɔ dɔm. 3 O! Yehowa, wòe ɖem tso tsiẽƒe, eye mèna meyi aʋlime o. 4 Midzi ha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la. 5 Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o, ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã. Avifafa anɔ anyi le zã me, gake aseyetsotso ava le ŋdi me. 6 Esi mekpɔ be meli ke la, megblɔ be, “Nye la, nyemaʋuʋu kpɔ gbeɖe o.” 7 O! Yehowa, esi nève nunye la, èna nye to li ke zã, gake esi nèɣla wò ŋkume ɖem la, nye mo tsi dãa. 8 Yehowa, wòe meyɔ, Yehowae medo ɣli na be wòakpɔ nublanui nam. 9 “Viɖe kae le eme ne donyeme gblẽ alo ne meyi ɖe aʋlime? Ɖe ʋuʋudedi akafu wòa? Ɖe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa? 10 See, O! Yehowa, eye nàkpɔ nye nublanui; O! Yehowa, kpe ɖe ŋunye.” 11 Èna nye avifafa zu ɣeɖuɖu; èɖe akpanya le ŋutinye hetsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do nam, 12 ale be nye dzi nadzi ha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. O! Yehowa, nye Mawu, mada akpe na wò tegbetegbe. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.