Psalmowo 3 - Agbenya LaPsalmo 3 David ƒe ha, esi wòsi le via Absalom nu. 1 O, Yehowa, aleke nye futɔwo sɔ gbɔ ale! Aleke ame geɖewo tso ɖe ŋunye ale! 2 Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be, “Mawu maɖee akpɔ o.” Sela 3 O, Yehowa, ke wò la, ènye akpoxɔnu ƒo xlãm; ètsɔ ŋutikɔkɔe kɔ ɖe dzinye, eye nèkɔ nye ta dzi. 4 Yehowae medo ɣli na sesĩe, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela 5 Memlɔ anyi hedɔ alɔ̃; meganyɔ, elabena Yehowae kpɔ tanye. 6 Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho, ɖe to ɖem godoo la o. 7 Tso, O, Yehowa! Ɖem, O, nye Mawu! Ƒo tome na nye futɔwo katã; eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo. 8 Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona. Na be wò yayra nanɔ wò amewo dzi. Sela. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.