Psalmowo 26 - Agbenya LaPsalmo 26 David ƒa ha. 1 O! Yehowa, tso afia nam, elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o. Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã kpɔ gbeɖe o. 2 O! Yehowa, lolom, dom kpɔ; eye nàdzro nye dzi kple tamesusu hã me, 3 elabena wò lɔlɔ̃ le ŋkunye me ɖaa, eye mezɔna le wò nyateƒe la me ɣe sia ɣi. 4 Nyemanɔ anyi ɖe ameblelawo dome, alo ade ha kple alakpanuwɔlawo o. 5 Metsri ame tovowo ƒe habɔbɔ, eye megbe be nyemanɔ ame vɔ̃ɖiwo dome o. 6 Meklɔ nye asiwo le fɔmaɖimaɖi me, eye meƒo xlã wò vɔsamlekpui, O! Yehowa, 7 hele wò kafukafuha dzim kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia. 8 O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle, afi si wò ŋutikɔkɔe le. 9 Mègatsɔ nye luʋɔ kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋuti kple nye agbe kpe ɖe hlɔ̃dolawo ŋuti, 10 ame siwo ƒe asi me ɖoɖo vɔ̃ɖiwo le, eye woƒe nuɖusime yɔ fũu kple zãnuxɔxɔ o. 11 Ke nye la, menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, eya ta ɖem, eye nàkpɔ nublanui nam. 12 Nye afɔ le sɔsɔeƒe. Makafu Yehowa le takpekpe gã la me. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.