Psalmowo 24 - Agbenya LaPsalmo 24 David ƒe ha. 1 Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi, xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ. 2 Elabena eɖoe anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòɖo egɔme anyi ɖe tɔsisiwo dzi gli. 3 Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ? Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la? 4 Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe, ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o, eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o. 5 Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu, eƒe Ɖela la, atso afia nɛ. 6 O! Yakob ƒe Mawu, aleae dzidzime si dia wò, eye wòdia ŋkuwòme la le. Sela 7 O! Mi agbowo, miʋu; mi blemaʋɔtruwo, miʋu, ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme. 8 Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia la? Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, Yehowa si wɔa kalẽ le aʋagbedzi lae. 9 O! Mi agbowo, miʋu; mi blemaʋɔtruwo, miʋu, ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme. 10 Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia? Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. Sela. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.