Psalmowo 20 - Agbenya LaPsalmo 20 David ƒe ha na hɛnɔ la. 1 Yehowa netɔ na wò ne èɖo xaxa me; Yakob ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ nanye ŋuwòdzɔla. 2 Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye wòaɖo xɔname ɖe wò tso Zion. 3 Neɖo ŋku wò vɔsawo katã dzi, eye wòaxɔ wò numevɔsawo. Sela 4 Nena nu si wò dzi di la wò, eye wòana wò ɖoɖowo katã nadze edzi na wò. 5 Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me. Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na wò. 6 Azɔ menya be Yehowa ɖe eƒe amesiamina, etɔ nɛ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la kple eƒe nuɖusi ƒe ŋusẽ, si wòtsɔna ɖea amee. 7 Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu, eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu, ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu. 8 Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi, ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã. 9 O! Yehowa, xɔ na fia la! Tɔ na mí ne míeyɔ wò! |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.