Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 16 - Agbenya La


Psalmo 16
David ƒe ha si wɔa dɔ ɖe ame dzi.

1 O! Mawu, na manɔ dedie, elabena wò mee mebe ɖo.

2 Megblɔ na Yehowa be, “Wòe nye nye Aƒetɔ; nu nyui aɖeke mele asinye kpe ɖe ŋuwò o.”

3 Ame kɔkɔe siwo le anyigba dzi la woe nye bubume siwo ƒe nu nyoa ŋunye vevie.

4 Ame siwo ati mawu tutɔwo yome la, adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi. Nyemasa woƒe ʋuvɔsawo na mawu mawo, alo ayɔ woƒe ŋkɔwo o.

5 Yehowa, èɖo tɔnye gome kple nye kplu da ɖi nam; èna nye gomekpɔkpɔ le dedie nam.

6 Liƒo ƒe dzidzeka la dze teƒe nyuiwo nam; le nyateƒe me la, domenyinu si do dzidzɔ nam la su asinye.

7 Makafu Yehowa, ame si ɖoa aɖaŋu nam; le zã me ke hã, nye dzi xlɔ̃a num.

8 Metsɔ Yehowa ɖo ŋkunye me ɖaa, elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o.

9 Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, nye aɖe tso aseye, eye nye ŋutilã hã agbɔ ɖe eme le dedinɔnɔ me,

10 elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o.

11 Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me, eye matsɔ vivisese si mevɔna o la anɔ wò nuɖusime tegbee.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan