Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 149 - Agbenya La


Psalmo 149

1 Mikafu Yehowa. Midzi ha yeye na Yehowa, midzi eƒe kafukafuha le ame kɔkɔewo ƒe asaɖa me.

2 Israel nekpɔ dzidzɔ le woƒe Wɔla me, Zionviwo netso aseye ɖe woƒe fia la ŋu.

3 Wonekafu eƒe ŋkɔ kple ɣeɖuɖu, eye woneƒo ha nɛ kple asiʋuiwo kple kasaŋku.

4 Elabena Yehowa do dzidzɔ ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòtsɔ ɖeɖe ɖɔ na ame gblɔewo.

5 Ame kɔkɔewo nekpɔ dzidzɔ le eƒe bubu me, eye woadzi ha kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi.

6 Mawu kafukafu nenɔ woƒe nu me, eye wòanye yi nuevee anɔ woƒe asiwo me,

7 ne woatsɔ abia hlɔ̃ dukɔwo, eye woatsɔe ahe toe na amewo,

8 ne woabla woƒe fiawo kple gakɔsɔkɔsɔ, eye woade kunyowu woƒe bubumewo,

9 ne woawɔ fɔ si wobu wo, woŋlɔ da ɖi ɖe wo ŋu la dzi. Esia nye eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe ŋutikɔkɔe. Mikafu Yehowa.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan