Psalmowo 14 - Agbenya LaPsalmo 14 David ƒe ha na hɛnɔ la. 1 Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o. 2 Yehowa bi kɔ kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo, be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome, eye wòdia Mawu vevie mahã? 3 Wo katã wodze ɖe aga, wo katã tim wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o. 4 Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa? 5 Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe, elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame. 6 Mi nu tovo wɔlawo, miegblẽ ame dahewo ƒe ɖoɖowo me, gake Yehowae nye woƒe sitsoƒe. 7 O! Xɔname ado tso Zion na Israel. Ne Yehowa gaɖo eƒe amewo ƒe nunyonamewo te la, na Yakob natso aseye, eye Israel nakpɔ dzidzɔ! |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.