Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 137 - Agbenya La


Psalmo 137

1 Babilonia tɔsisiwo toe míenɔ, hɛnɔ avi fam, esi míeɖo ŋku Zion dzi.

2 Míetsɔ míaƒe kasaŋkuwo ku amuti siwo le afi ma,

3 elabena afi mae ame siwo ɖe aboyo mí la bia ha tso mía si le; ame siwo wɔ fu mí la bia dzidzɔhawo tso mía si hegblɔ be, “Midzi Zion hawo dometɔ ɖeka na mí!”

4 Aleke miadzi Yehowa ƒe hawo le dzronyigba dzi?

5 O! Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la, nye nuɖusibɔ nèŋlɔ eƒe ŋusẽ be,

6 eye nye aɖe nelé ɖe nye nu me, ne nyemeɖo ŋku dziwò o, ne nyemebu Yerusalem, nye dzidzɔ kɔkɔtɔ kekeake o.

7 O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi, gbe si gbe wogbã Yerusalem. Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi, migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!”

8 O! Babilonia vinyɔnu, woɖo wò ɖi na tsɔtsrɔ̃, woayra ame si aɖo nu si nèwɔ mí la teƒe na wò,

9 ame si alé wò vidzĩwo axlã ɖe agakpewo.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan