Psalmowo 133 - Agbenya LaPsalmo 133 David ƒe Mɔzɔha. 1 Aleke wohenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo nɔ teƒe ɖeka le ɖekawɔwɔ me! 2 Ele abe ami xɔasi si wokɔ ɖe ta me, eye wòtsra va kɔ ɖe ge me ene, ɛ̃, etsra kɔ ɖe Aron ƒe ge me hetsyɔ ɖe eƒe awu ƒe kɔme. 3 Ele abe Hermon zãmue le dzadzam ɖe Zion to dzi ene, elabena afi mae Yehowa kɔ yayra kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.