Psalmowo 130 - Agbenya LaPsalmo 130 Mɔzɔha. 1 O! Yehowa, mele koko ƒom na wò tso nye dzi me ke. 2 O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe. Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli. 3 O! Yehowa, ne àlé amewo ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la, O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te? 4 Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò, eya ta wovɔ̃a wò ɖo. 5 Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm, nye luʋɔ le lalam, eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi. 6 Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke; mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke. 7 O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si, eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ. 8 Eya ŋutɔ aɖe Israel tso eƒe nu vɔ̃wo katã me. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.