Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 129 - Agbenya La


Psalmo 129
Mɔzɔha.

1 Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke. Israel negblɔ be,

2 “Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke, gake womeɖu dzinye o.

3 Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye dzimegbe, eye woɖe boliƒowo wodidi,

4 gake Yehowa nye dzɔdzɔetɔ, etso kam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe babla me.”

5 Na be ame siwo katã tsri Zion la, nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.

6 Na be woanɔ abe gbe si wotsɔ gbã xɔe ene, gbe si yrɔna, hafi ayi miemie ge.

7 Ale gbetsola mate ŋu atsoe alɔ ɖe asime loo, alo ame si le elɔm la, nayi elɔ ge ɖe abɔdome o.

8 Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be, “Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò; míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan